Psalmo 55
David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
O! Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa,
mègado toku nye kokoƒoƒo o.
Ɖo tom, eye nàtɔ nam.
Nye tamesusuwo ɖea fu nam, eye metɔtɔna,
ne mese futɔ la ƒe gbe,
alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem.
Elabena wohe fukpekpe va dzinye,
eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me.
 
Nye dzi le nu xam vevie le menye;
ku ƒe ŋɔdzi ɖe to ɖem.
Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém,
eye ŋɔdzi gbagba blam.
Megblɔ be,
“O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la,
anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe.
Madzo ayi keke gbegbe,
aɖanɔ afi ma.
Sela
Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe,
ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.”
 
O! Aƒetɔ, tɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo,
tɔtɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, elabena mekpɔ ŋutasesẽ
kple ʋunyaʋunya le dua me.
10 Zã kple keli wole tatam le eƒe gliwo dzi,
eye nugbeɖoɖo kple hiãkame le eme.
11 Ŋusẽ siwo gblẽa nu la le dɔ wɔm le dua me;
ŋutasesẽ kple alakpadada medzona le eƒe ablɔ dzi o.
 
12 Ne futɔe le dzu yem la, mate ŋu atsɔe;
ne ketɔe kɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye la, mate ŋu aɣla ɖee,
13 gake wò, ŋutsu abe nye ene,
xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ,
14 nye kple ame si dome habɔbɔ vivi aɖe nɔ,
eye míezɔna aduadu le amehawo dome le gbedoxɔ me lae.
 
15 Ku neƒo ɖe nye ketɔwo dzi kpoyi;
woneyi yɔdo me agbagbe,
elabena nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe wo dome.
 
16 Ke meyɔ Mawu,
eye wòtɔ nam, heɖem.
17 Fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ
medo ɣli le xaxame, eye wòse nye gbe.
18 Eɖem tso aʋa si le edzi yim kplim la me le dedinɔnɔ me,
togbɔ be ame geɖewo tso ɖe ŋutinye hã.
19 Mawu, ame si le fiazikpui dzi tegbee la asee,
eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi,
Sela
ame siwo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔwo dzi,
eye womevɔ̃a Mawu o lae.
 
20 Nye zɔhɛ wɔ avu
kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.
21 Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene,
evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me;
eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami,
gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.
 
22 Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò,
elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.
23 O! Mawu, ke wò la,
àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me.
Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe
wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o.
 
Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.