Psalmo 59
David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi Saul dɔ amewo be woadzɔ eƒe aƒe ŋu, eye ne edo go la, woawui.
O! Mawu, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me;
kpɔ tanye le ame siwo tso ɖe ŋutinye la ta.
Ɖem tso nu vlo wɔlawo ƒe asi me
eye nàxɔm tso hlɔ̃dolawo ƒe asi me.
 
Kpɔ ale si wode xa ɖi nam lae ɖa!
Ame nyanyrawo ɖo nugbe ɖe ŋunye,
evɔ la, O Yehowa, nyemedze agɔ,
alo wɔ nu vɔ̃ aɖeke o.
Nyemeda vo aɖeke o,
evɔ wole klalo be woadze dzinye.
Tso, nàxɔ nam; kpɔ xaxa si me mele la ɖa!
O! Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ,
Israel ƒe Mawu, nyɔ nàhe to na dukɔwo,
mègakpɔ nublanui na ametatrɔla vɔ̃ɖi siawo o.
Sela
 
Wotrɔ gbɔ le fiẽ me le gbe tem abe avuwo ene,
eye wole tsaglãla tsam le dua me.
Kpɔ nu si wotu tso woƒe nu me la ɖa,
wotu nyawo tso woƒe nuyiwo me le gbɔgblɔm be,
“Ame ka ate ŋu aɖo to mí?”
O! Yehowa, wò koe le wo kom,
èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu.
 
O! Nye ŋusẽ, mele nuwò kpɔm.
O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ,
10 nye Mawu lɔlɔ̃tɔ.
 
Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ
ɖe nye ketɔwo dzi.
11 Gake mègawu wo o,
O! Aƒetɔ, míaƒe akpoxɔnu,
ne menye nenema o la, nye amewo aŋlɔ be.
Le wò ŋusẽ me, na woatsa tsaglãla,
eye nàhe wo aƒu anyi.
12 Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃,
woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo,
Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,
13 fia wo kple dziku,
fia wo va se ɖe esime womaganɔ anyi o.
Ekema woanya va se ɖe anyigba la ƒe mlɔenu ke, be
Mawue nye fia ɖe Yakob dzi.
Sela
 
14 Wotrɔ gbɔ le fiẽ me, le gbe tem abe avuwo ene,
eye wole tsaglãla tsam le dua me.
15 Wole tsatsam le nuɖuɖu dim,
eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm.
16 Ke nye la, madzi wò ŋusẽ ƒe ha,
eye le ŋdi me la, madzi ha le wò lɔlɔ̃ ŋuti,
elabena wòe nye nye mɔ sesẽ,
kple nye sitsoƒe le xaxaɣiwo.
 
17 O! Nye ŋusẽ, mele kafukafuha dzim na wò.
O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ kple nye Mawu si dzi meka ɖo.