Psalmo 61
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu.
Se nye ɣlidodo, O Mawu,
eye nàlé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu.
 
Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu,
meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli;
azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,
elabena wòe nye nye sitsoƒe
kple mɔ sesẽ, le futɔ la ta.
 
Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee,
eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe.
Sela
O! Mawu, èse nye adzɔgbeɖeɖewo,
eye nètsɔ ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la ƒe domenyinu nam.
 
Dzi fia la ƒe agbemeŋkekewo ɖe edzi nɛ,
eƒe ƒewo nasɔ gbɔ be wòakpɔ dzidzime geɖewo.
Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee,
eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.
 
Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee,
eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.