Psalmo 64
David ƒe ha na hɛnɔ la.
O! Mawu, ɖo tom, esi meɖe nye kuxiwo na wò;
kpɔ nye agbe ta tso futɔ siwo le ŋɔdzi dom nam la ƒe asi me.
 
Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nugbeɖoɖo
kple ame vlo mawo ƒe howɔwɔ me.
Wonyrea woƒe aɖewo abe yi ene,
eye wodzidzea woƒe nyawo ɖe ame dzi
abe aŋutrɔ siwo nu aɖi le la ene.
Wodea xa hedaa aŋutrɔ ame maɖifɔ la,
eye wodanɛ zi ɖeka vɔvɔ̃manɔŋutɔe.
 
Wodea dzi ƒo na wo nɔewo
le woƒe nu vɔ̃ɖi ɖoɖowo me,
woƒoa nu tso ale si woatre mɔ ɖe vivime
la ŋuti gblɔna be, “Ame kae le ekpɔ ge?”
Woɖoa nu vɔ̃ɖi hegblɔna le eŋuti be,
“Míewɔ ɖoɖo deŋgɔ la vɔ!”
Vavãe, ame ƒe susu kple dzi me nye ayenuwɔƒe,
gake Mawu ada aŋutrɔ wo
eye wòalɔ wo zi ɖeka kpoyi woamu adze anyi.
Ana woawo ŋutɔ ƒe aɖe nade wo nya me
eye wòahe wo ade tsɔtsrɔ̃ me.
Ame siwo katã akpɔ wo la aʋuʋu ta ɖe wo ŋu fewuɖutɔe.
Tete vɔvɔ̃ aɖo amegbetɔƒomea katã;
woado Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi,
eye woade ŋugble le nu si wòwɔ la ŋuti.
 
10 Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ le Yehowa me, eye wòasii atso.
Ame siwo katã dza le woƒe dzi me la akafui!