Psalmo 94
O! Yehowa, Mawu si biaa hlɔ̃,
O! Mawu si biaa hlɔ̃, klẽ.
Tso, o xexea me ƒe Ʋɔnudrɔ̃la,
ɖo nu si dadalawo wɔ la teƒe na wo.
O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi
ame vɔ̃ɖi la atso aseye?
 
Wole nya tovowo gblɔm,
eye dada yɔ ame vɔ̃ɖiwo katã me fũu.
O! Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya,
wote wò domenyinu la ɖe to.
Wowu ahosiwo kple amedzrowo,
eye wowu tsyɔ̃eviwo hã.
Wogblɔ be, “Yehowa mele ekpɔm o,
Yakob ƒe Mawu la metsɔ ɖeke le eme o.”
 
Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me,
mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?
Ɖe eya ame si wɔ to la mase nu oa?
Ɖe eya ame si wɔ ŋku la makpɔ nu oa?
10 Ɖe eya ame si hea to na dukɔwo la mahe to oa?
Ɖe eya ame si fiaa nu ame la, ahiã na nunya?
11 Yehowa nya amegbetɔ ƒe susu,
eye wònya be tofloko ko wònye.
 
12 O, Yehowa, woayra ame si nèhe to na,
ame si nèfia nui tso wò se la me,
13 eye nèna gbɔdzɔe tso dzɔgbevɔ̃eŋkekewo me,
va se ɖe esime wòɖe ʋe na ame vɔ̃ɖiwo.
14 Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o,
eye magblẽ eƒe domenyinu ɖi o.
15 Woagaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi,
eye ame siwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la adze eyome.
 
16 Ame ka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam?
Ame ka atsi tsitre ɖe nu tovo wɔlawo ŋu ɖe nunye?
17 Ɖe menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la,
anye ne eteƒe madidi o la, manɔ ɖoɖoezizi me le tsiẽƒe.
18 Esi medo ɣli be,
“Nye afɔ le ɖiɖim” la, wò lɔlɔ̃,
O! Yehowa, de megbe nam.
19 Esi dzitsitsi yɔ menye la,
wò akɔfaname he dzidzɔ vɛ na nye luʋɔ.
 
20 Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ
si hea hiãkame vɛ to
eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa?
21 Wowɔa ɖeka ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu,
eye wotsoa kufia na ame maɖifɔ.
22 Gake Yehowae nye nye mɔ sesẽ,
nye Mawu kple agakpe si nye nye sitsoƒe.
23 Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo,
eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃,
Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo.