Psalmo 97
Yehowa le fia ɖum, anyigba nekpɔ dzidzɔ,
eye ƒutadu siwo le didiƒe ke la netso aseye.
Lilikpowo kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒo xlãe,
eye dzɔdzɔenyenye kple afia nyui tsotso nye
eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖokpe.
Dzo le bibim le eŋgɔ,
eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.
Eƒe dzikedzo si akaɖi ɖe xexea me,
eye anyigba kpɔe heʋuʋu heyeheye.
Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃,
le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
Dziƒowo le gbeƒã ɖem eƒe dzɔdzɔenyenye,
eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.
 
Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã,
ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee,
ke misubɔe, mi mawuwo katã!
 
Zion see, dzi dzɔe, eye Yuda ƒe kɔƒewo hã tso aseye
le wò afia nyui tsotsowo ta, o Yehowa.
O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi,
eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã.
10 Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, mitsri vɔ̃,
elabena edzɔa etɔ siwo wɔa nuteƒe la ƒe agbe ŋuti,
eye wòɖea woƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
11 Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa
ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.
12 Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me,
eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.