Psalmo 99
Yehowa le fia ɖum, dukɔwo nedzo nyanyanya,
enɔ eƒe fiazikpui dzi gli le kerubiwo dome,
anyigba neʋuʋu.
Yehowa nye gã le Zion,
ekɔ gbɔ dukɔwo katã ta.
Wonekafu wò ŋkɔ gã,
dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.
 
Fia la nye ŋusẽtɔ,
elɔ̃a afia nyui tsotso,
wò la, èɖo dzɔdzɔenyenye anyi,
eye nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yakob me.
Mido Yehowa, míaƒe Mawu la
ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔ nu,
elabena eya amea le kɔkɔe.
 
Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome;
Samuel le ame siwo yɔ eƒe ŋkɔ la dome;
woyɔ Yehowa ŋkɔ, eye wòtɔ na wo.
Eƒo nu na wo tso lilikpo dodo me,
eye wolé se kple ɖoɖo siwo wòtsɔ na wo la me ɖe asi.
 
O! Yehowa, míaƒe Mawu, wòe tɔ na wo;
togbɔ be èhe to na wo
le woƒe nu tovowo ta hã la,
ènye tsɔtsɔke ƒe Mawu na Israel.
Mido Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe dzi,
eye misubɔe le eƒe to kɔkɔe la dzi,
elabena Yehowa, míaƒe Mawu la le kɔkɔe.