Psalmo 111
Mikafu Yehowa.
 
Mado Yehowa ɖe dzi kple nye dzi blibo
le ame dzɔdzɔewo ƒe adaŋudeha me kple amehawo dome.
 
Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo lolo kpem;
ame siwo wodoa dzidzɔ na la bua wo ŋuti.
Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo,
eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee.
Ena woɖo ŋku eƒe nukudɔwo dzi;
Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla.
Enaa nuɖuɖu ame siwo vɔ̃nɛ,
eye wòɖoa ŋku eƒe nubabla dzi tegbetegbe.
 
Eɖe eƒe dɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la
eye wòtsɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigba na wo.
Eƒe asinudɔwɔwɔwo le eteƒe, eye wodzɔ;
nenema ke woate ŋu aka ɖe eƒe sewo hã dzii,
elabena wole te tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,
eye wòde sewo le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me.
Eɖo ɖeɖe ɖi na eƒe dukɔ,
eɖo eƒe nubabla anyi tegbee,
eye eƒe ŋkɔ le kɔkɔe; ŋɔdzi hã le eŋu.
 
10 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,
eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi
la, gɔmesese nyui sua wo si.
Eya tɔe nye kafukafu tegbee.