Psalmo 118
Mida akpe ne Yehowa,
elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
Israel negblɔ be;
“Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
Aron ƒe aƒe la negblɔ be;
“Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be,
“Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
 
Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa,
etɔ nam, eye wòɖe gam.
Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o.
Nu ka amegbetɔ awɔm?
Yehowa li kplim, eyae nye nye xɔnametɔ.
Makpɔ nye futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.
 
Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee
wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu.
Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be
woaɖo ŋu ɖe dumegãwo ŋu.
10 Dukɔwo katã ɖe to ɖem,
gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me,
metsrɔ̃ wo katã.
11 Woɖe to ɖem,
gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me,
metsrɔ̃ wo katã.
12 Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene,
gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene;
ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le.
13 Wotu asim do ɖe megbe,
eye medze anyi kloe,
gake Yehowa xɔ nam.
14 Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye ha,
eye wòzu nye xɔname.
 
15 Aseyetsotso kple dziɖuɣli le ɖiɖim
le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ me be,
“Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!
16 Yehowa ƒe nuɖusi le dzi bobobo!
Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!”
17 Nyemaku o,
ke boŋ manɔ agbe,
eye maɖe gbeƒã nu siwo Yehowa wɔ.
18 Yehowa he to nam vevie,
gake metsɔm de asi na ku o.
19 Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam,
mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa.
20 Esiae nye Yehowa ƒe agbo,
afi si dzɔdzɔetɔwo ato age ɖe eme.
21 Mada akpe na wò,
elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname.
 
22 Kpe si xɔtulawo gbe la,
eyae va zu dzogoedzikpe.
23 Yehowae wɔ esia,
eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume.
24 Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ,
mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme.
 
25 O! Yehowa, ɖe mí, o Yehowa,
na wòadze edzi na mí dzro.
 
26 Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me.
Míeyra wò tso Yehowa ƒe aƒe me.
27 Yehowae nye Mawu,
eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi.
Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne
miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe
hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.
 
28 Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò;
wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.
 
29 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo,
eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe.