Psalmo 120
Mɔzɔha.
Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.
O! Yehowa, ɖem,
tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me.
 
O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò,
eye nu ka wòatsɔ akpee na wò?
Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na
wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti.
 
Baba nam be mele Mesek,
eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!
Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa
la dome wòdidi fũu akpa.
Ŋutifafamee menye,
gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.