Psalmo 127
Solomo ƒe mɔzɔha.
Ne Yehowa metu xɔ o la,
etulawo le agbagba dzem dzodzro.
Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,
dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi,
henɔa agbagba dzem
le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ,
ke ame siwo wòlɔ̃na la,
enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.
 
Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.
Ŋu makpe wo o,
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.