Psalmo 132
Mɔzɔha.
O! Yehowa, ɖo ŋku David
kple fukpekpe siwo katã me wòto la dzi.
 
Eka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe
na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be,
“Nyemage ɖe aƒenye me,
alo aɖamlɔ nye aba dzi o.
Nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃,
alo nye aɖaba nadɔ akɔlɔ̃e o,
va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Yehowa
kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.”
 
Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be,
“Mina míayi ɖe enɔƒe,
mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.
O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe,
wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ.
Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu,
eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.”
 
10 Le David, wò dɔla ta la,
mègagbe wò amesiamina la o.
 
11 Yehowa ka atam na David;
eka atam vavã si matu o la be,
“Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.
12 Nenema ke ne viwò ŋutsuwo lé nye nubabla
kple nye se siwo mefia wo me ɖe asi la,
ekema wo viwo anɔ wò fiazikpui dzi tso
mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”
 
13 Elabena Yehowa tia Zion,
eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be,
14 “Esia nye nye gbɔɖemeƒe tso
mavɔ me yi ɖe mavɔ me,
afi siae manɔ fiazikpui dzi le gli,
elabena nye ŋutɔe tiae.”
15 Matsɔ nu nyui geɖewo ayrae,
eye matsɔ nuɖuɖu aɖi ƒoe na eƒe ame dahewo.
16 Mado xɔxɔ ƒe awu na eƒe nunɔlawo,
eye eƒe ame kɔkɔewo adzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta tegbetegbe.
 
17 “Le afi sia, mana dzo nado na David,
eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la.
18 Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo,
ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”