Psalmo 134
Mɔzɔha.
Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo katã,
mi ame siwo subɔna
le Yehowa ƒe aƒe me le zã me.
Mido miaƒe asiwo ɖe dzi
le kɔkɔeƒe la me, eye mikafu Yehowa.
 
Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla,
neyra mi tso Zion.