Psalmo 136
Mida akpe na Yehowa, elabena enyo.
Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Eya ame si tsɔ eƒe nugɔmesese wɔ dziƒowoe,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Ame si wɔ nu keklẽ gãwo,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Be ɣe naɖu ŋkeke dzi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Be ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
10 Eya ame si ƒo Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
11 Eye wòkplɔ Israel do goe le wo dome,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
12 Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
13 Eya ame si ma Ƒu Dzĩ la ɖe eve,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
14 Eye wòkplɔ Israel to eƒe titina,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
15 Ke ekplɔ Farao kple eƒe aʋakɔ la de Ƒu Dzĩ la me,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
16 Eya ame si kplɔ eƒe dukɔ la to gbedzi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
17 Ame si ƒo fia gãwo ƒu anyi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
18 Eye wòwu fia sesẽwo,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
19 Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa
20 kple Ɔg, Basantɔwo ƒe fia,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
21 Eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
22 Domenyinu na eƒe dɔla, Israel,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
23 Eya ame si ɖo ŋku mía dzi,
esime wobɔbɔ mí ɖe anyi,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
24 Eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me,
elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
25 Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbe ɖe sia ɖe,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
 
26 Mida akpe na Dziƒo Mawu la,
Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.