Psalmo 139
David ƒe ha na hɛnɔ la.
O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam.
Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi,
eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.
Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi,
ale nènya nye mɔwo katã nyuie.
O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la,
ènya nya la katã xoxo.
Ètsɔm ɖe tome,
le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye.
Nunya sia wɔ nuku nam akpa,
nyemate ŋu aɖo afi ma o,
elabena ekɔkɔ nam akpa.
 
Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi?
Afi ka masi atso wò ŋkume ayi?
Ne meyi dziƒo la, èle afi ma,
ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma.
Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi,
ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la,
10 wò asi akplɔm,
eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe.
11 Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla,
eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la,
12 viviti la gɔ̃ hã mado blukɔ na wò o,
zã aklẽ na wò abe ŋkeke ene,
elabena viviti le na wò abe kekeli ene.
 
13 Elabena wòe wɔ nye ememe ke;
eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.
14 Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe.
Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu,
menya esia nyuie.
15 Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o,
esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe.
Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me
le anyigba ƒe gogloƒe la,
16 wò ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe.
Ŋkeke siwo katã woɖo nam la,
woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me
hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme.
17 O! Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ!
Wò susuwo sɔ gbɔ loo!
18 Ne mebe maxlẽ wo la,
woasɔ gbɔ wu ke.
Ne menyɔ tso alɔ̃ me la,
megale gbɔwò ko.
 
19 O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi!
Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!
20 Woƒoa nu tso ŋutiwò kple susu baɖa,
wò futɔwo wɔa wò ŋkɔ ŋu dɔ yakayaka.
21 O! Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo lé fu wò,
eye menyɔ ŋu ame siwo tso ɖe ŋuwò oa?
22 Fuléle koe le asinye na wo,
eye mebu wo nye ketɔwoe.
23 Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi;
dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.
24 Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã,
eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.