Psalmo 148
Mikafu Yehowa.
 
Mikafu Yehowa tso dziƒowo,
mikafui le kɔkɔƒewo le dzi me.
Mi eƒe dɔlawo katã mikafui,
dziƒoʋakɔwo hã mikafui.
Ɣe kple ɣleti nekafui,
mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.
Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui,
eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui.
 
Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ,
elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ.
Etsɔ wo ɖo wo nɔƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me,
ede se si nu mayi akpɔ gbeɖe o.
 
Mikafu Yehowa tso anyigba,
mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã.
Dzikedzo kple kpetsi,
tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu,
mi towo kple togbɛwo katã,
atikutsetsetiwo kple sedatiwo katã,
10 gbemelãwo kple nyiwo katã,
nuwɔwɔ suewo kple xe dzodzoewo,
11 anyigbadzifiawo kple dukɔwo katã,
mi dumegãwo kple dziɖula siwo katã le anyigba dzi,
12 ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo,
ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui.
 
13 Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ,
elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi,
eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.
14 Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ,
esi nye Israel,
eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu,
ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ.
 
Mikafu Yehowa.