18
Babilonia ƒe anyidzedze
Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ. Edo ɣli kple gbe gã aɖe be,
“ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’
Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo
kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo
kple xadza na xevi makɔmakɔwo
kple lã siwo womeɖuna o la,
elabena dukɔwo katã no
eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la.
Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii,
eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”
Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be,
“ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’
be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o,
be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o,
elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke,
eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi.
Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene.
Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta.
Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.
Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be,
‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene,
nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’
Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese
nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe
kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.
Eya ta le ŋkeke ɖeka me la,
eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi,
esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame.
Dzo ava fiae keŋkeŋ,
elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.
“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ. 10 Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be,
“ ‘Baba! O du gã, baba na wò.
O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le!
Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’
11 “Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o. 12 Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo. 13 Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.
14 “Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ 15 Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, 16 eye woado ɣli be,
“ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi
kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe,
eye nède sikakɔga si le dzo dam,
kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!
17 Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la,
wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’
“Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge. 18 Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’ 19 Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be,
“ ‘Baba! O du gã,
afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la
kpɔ woƒe kesinɔnuwo le.
Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’
 
20 “O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta!
Mi Mawu ƒe amewo
apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye!
Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui
ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.”
Babilonia ƒe nuwuwu
21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be,
“Aleae woatsɔ dziku
kple ŋusẽ aƒu Babilonia,
du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o.
22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo,
dzekulawo kple kpẽkulawo la,
womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o.
Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla
aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o.
Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu
le mewò akpɔ gbeɖe o.
23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o.
Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o.
Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me;
ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.
24 Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo
kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”