6
Míeku na nu vɔ̃, míele agbe le Kristo me
Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea?
Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa? Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me. Elabena míenya be woklã míaƒe nɔnɔme xoxoawo ɖe atitsoga ŋu kplii, bena woaɖe ŋutilã si dzi nu vɔ̃ ɖu fia ɖo la ɖa, be míaganye kluvi na nu vɔ̃ azɔ o. Elabena ame sia ame si ku la, woɖee tso nu vɔ̃ si me. Azɔ ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe kplii hã. Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o. 10 Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. 11 Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me.
12 Eya ta migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã si le kuku ge la dzi, be miawɔ ɖe eƒe nudzodzro vɔ̃wo dzi o. 13 Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene. 14 Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.
Míezu kluviwo na dzɔdzɔenyenye
15 Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!
16 Ɖe mienyae bena ne mietsɔ mia ɖokui wɔ kluvi na ame aɖe, be miaɖo toe la, miezu kluvi na ame si mieɖoa toe la, eɖanye kluviwo na nu vɔ̃ hena ku alo kluviwo na toɖoɖo hena dzɔdzɔenyenye o mahã? 17 Ke mida akpe na Mawu be togbɔ be mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã hã la, azɔ la, mietsɔa miaƒe dzi xɔa nufiafia si wotsɔ mi de asi na la. 18 Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.
19 Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.
20 Elabena esime mienye kluviwo na nu vɔ̃ tsã la, mienɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔkplɔ te o. 21 Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me! 22 Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ. 23 Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.