2
Lɔlɔ̃tɔwo di wo nɔewo vevie
Nyee nye Saron seƒoƒo
kple dzogbenya le balimewo.
Abe ale si dzogbenya le ŋuwo domee ene la,
nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖetugbiwo dome.
Abe ale si apluti nɔna le avemetiwo dome ene la,
nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo dome.
Melɔ̃a anyinɔnɔ ɖe eƒe vɔvɔli te,
eye eƒe kutsetse vivia nunye ŋutɔ.
Ekplɔm yi ɖe afi si woɖo kplɔ̃ ɖo,
eye lɔlɔ̃ nye aflaga si wòtsɔ tsyɔ dzinye.
Etsɔ waintsetsebolo do ŋusẽm kple aplu fa dzi nam,
elabena lɔlɔ̃ na meku ƒenyi.
Etsɔ eƒe miabɔ de nye ta te,
eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.
Yerusalem nyɔnuviwo,
meta sãde kple zinɔ le gbe me be,
“Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o,
va se ɖe esime eya ŋutɔ lɔ̃ hafi.”
 
Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖo to afii!
Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔe nye ekem gbɔna,
le kpo tim flɔ towo, eye wòle kpo dzom
le togbɛwo tame.
Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene.
Kpɔ ɖa, eyae nye ekem
le tsitre ɖe míaƒe kpɔ godo,
le nu kpɔm to fesre nu,
eye wòdo ŋku ɖa to fesrenuvɔ me.
10 Nye lɔlɔ̃tɔ ƒo nu kplim be,
“Nye dzi lɔlɔ̃a, tsi tsitre,
eye nye tugbefia, va dze yonyeme.
11 Kpɔ ɖa, vuvɔŋɔli nu va yi,
tsidzadza ke, eye enu va yi.
12 Seƒoƒo ke ɖe anyigba dzi,
hadzidzi ƒe ɣeyiɣi ɖo,
eye wose akpakpawo ƒe xɔxlɔ̃
le míaƒe anyigba dzi.
13 Gbotiwo de asi tsetse me xoxo,
eye wainkawo ƒe seƒoƒo le ya ɖem nyuie.
Tso va, nye dzi lɔlɔ̃a;
nye tugbefia, va dze yonyeme.”
14 Nye ahɔnɛ le agakpewo tome,
le towo ƒe bebeƒewo,
do wò mo ɖa, eye na mase wò gbe,
elabena wò gbe vivina, eye wò mo nya kpɔna.
15 Milé abeiwo nam,
abeivi siwo le wainkawo gblẽm,
eye wole míaƒe wainka siwo ƒo se la gblẽm.
16 Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ,
eya ame si le tsa ɖim le dzogbenyawo dome.
17 Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ hafi ŋu nake,
viviti nasi dzo, eye nànɔ abe sãde
alo zivi le togbɛ tsakliwo dzi ene.