4
Lɔlɔ̃ na xɔlɔ̃ 
  1 Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!  
O, èdze tugbe ŋutɔ!  
Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene  
le wò moxevɔ la me.  
Wò taɖa le abe gbɔ̃ha siwo  
le ɖiɖim tso Gilead to dzi la ene.   
 2 Wò aɖuwo fu tititi abe alẽha siwo  
woko fu na teti, eye wole tsi na wo la ene.  
Ɖe sia ɖe le zɔzɔm eveve,  
eye ɖeke metsi akogo o.   
 3 Wò nuyiwo le abe ɖablanu dzĩ ene,  
eye wò nu nya kpɔna ŋutɔ.  
Wò tonuƒuiwo le dzedzem le wò moxevɔ me  
abe atɔtɔ si me woma ɖe eve la ene.   
 4 Wò kɔ le abe David ƒe xɔ tsrala  
si le dzedze tɔxɛ me, eye wotsɔ kalẽtɔ akpe nanewo  
ƒe akpoxɔnu ku ɖe eŋuti la ene.   
 5 Wò nowo le abe sãdevi eve ene  
alo abe sãde ƒe evenɔvi siwo le gbe ɖum  
le dzogbenyawo me ene.   
 6 Mayi lifitowo kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ togbɛwo dzi  
va se ɖe esime ŋu nake, eye viviti nasi adzo.   
 7 Nye dzi lɔlɔ̃a, nu sia nu de le ŋuwò,  
eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele ŋuwò o.   
 8 Nye ŋugbetɔ, va mídzo le Lebanon,  
kplɔm ɖo ne míado go le Lebanon.  
Ɖiɖi tso Amana tame,  
tso Senir kple Hermon tame,  
tso dzatawo ƒe do me kple lãkletowo dzi.   
 9 Wò nu lé dzi nam, nɔvinye nyɔnu kple nye ŋugbetɔ;  
wò nu lé dzi nam esi nètsɔ wò ŋkuwo kpɔm zi ɖeka pɛ ko,  
eye nye ŋkuwo lɔ kɔga si nède la.   
 10 Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ,  
wò lɔlɔ̃ vivina loo!  
Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain,  
eye ami ʋeʋĩ si nèsi la  
ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋĩwo katã ta!   
 11 Nye ŋugbetɔ, wò nuyiwo le vivim abe anyitsito ene,  
eye notsi kple anyitsi le wò aɖe te.  
Awu siwo nèdo la  
le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ abe Lebanon ƒe ʋeʋẽ ene.   
 12 Nye ŋugbetɔ, nɔvinye nyɔnu,  
èle abe abɔ si ƒe ʋɔ wotu la ene.  
Eye nèle abe vudo si nu wotu nu ɖo  
kple tsitsetse si nu wotre la ene.   
 13 Wò nuku siwo nèƒã ɖe agble me la woe nye:  
atɔtɔ, sikɔni, adrike,   
 14 gbe ʋeʋĩwo, agumetaku, sabala,  
sinamon kple atike ʋeʋĩ vovovowo kpe ɖe lifi,  
aloe kple nu ʋeʋĩ nyuitɔwo ŋu.   
 15 Èle abe tsi dzidzi si le abɔ me,  
kple vudo si yɔ gbã go hele sisim tso Lebanon ene.   
 16 Nyɔ, anyieheya, ne nàva;  
dzieheya, wò hã va!  
Ƒo to nye abɔ me,  
be eƒe ʋeʋẽ nakaka ɖe yame.  
Na be nye lɔlɔ̃tɔ nava eƒe abɔ me,  
eye wòaɖɔ eƒe kutsetse nyuitɔwo kpɔ.