Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na
Tito
1
Nye, Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia Mawusosroɖa gbɔe, xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si ŋugbe Mawu, ame si medaa alakpa o la do, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme, eye wòɖe eƒe nya la fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Ɖela la ƒe gbeɖeɖe nu.
 
Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu.
 
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ɖela gbɔ la nanɔ kpli wò.
 
Tito ƒe dɔdeasi le Kreta
Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo, eye nàɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wò ene. Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o. Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ. Manye dadala alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, manye ahatsunola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o. Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.
10 Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me. 11 Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu, elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me, eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta. 12 Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa, wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nutsuɖula kuviatɔwo” 13 Ɖaseɖiɖi sia le eteƒe, eya ta ka mo na wo vevie, ale be woade blibo le xɔse la me, 14 eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o. 15 Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti. 16 Wogblɔna be yewonya Mawu, gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo, eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.