20
Paulo gatrɔ yi Makedonia
Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la, eklã wo hedzo ɖo ta Makedonia. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma va se ɖe esi wòɖo Griki. Paulo nɔ Helanyigba dzi ɣleti etɔ̃, eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta la, eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia boŋ.
Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.
Ame siawo katã do ŋgɔ na mí, eye wonɔ mía lalam le Troa. Esime míeɖu Amɔ Maʋamaʋã Ŋkeke la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi, eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la, míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kɔsiɖa ɖeka.
Paulo fɔ Eutiko tso ku me le Troa
Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi. Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla, eye wòku enumake. 10 Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o, ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpui la ɖe eƒe abɔwo me, eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” 11 Wo katã wogatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le esia megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ. 12 Le nyateƒe me la, ɖekakpui la gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
Paulo kla Efeso Hame la
13 Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. 14 Eva tu mí le Aso, eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. 15 Tso afi ma la, míeva to Kios ŋu, va to Samo, eye mlɔeba la, míeva ɖo Mileto esi ŋu ke.
16 Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. 17 Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋu la me. 18 Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia. 19 Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔ kple aɖatsi me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” 20 Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o. 21 Nya ɖeka ma ke ko megblɔ na Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa be ehiã be woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.
22 “Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔm yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã. 23 Nu si ko Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nam le du sia du mee nye be fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. 24 Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.
25 “Azɔ menyae nyuie be mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ, heɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la la, dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ o. 26 Medi be magblɔ na mi kɔtɛe be womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, 27 elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. 28 Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo. 29 Menya nyuie be ne medzo la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia dome abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea la ŋu. 30 Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubue be amewo nadze yewo yome. 31 Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.
32 “Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe amenuvevenya ana be miaƒe xɔse nali ke, be wòakpɔ mia ta, eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. 33 Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. 34 Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. 35 Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ame dahewo ŋuti la mi, elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vɛ wu nuxɔxɔ.’ ”
36 Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. 37 Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi, 38 vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋu la me ke.