3
Petro da gbe le tekunɔ aɖe ŋu
Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si. Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.
Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, “Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume.”
Ke tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana nane ye. Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.”
Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me.
Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la 10 de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu; Woƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ta.
Petro gblɔ mawunya na ame siwo le gbedoxɔ la me
11 Ŋutsu si woyɔ dɔe la mía eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ge ɖe gbedoxɔ la ƒe akpa si woyɔna be, Solomo ƒe Akpata la me, eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ eye woƒe nu ku.
12 Esi Petro kpɔ esia la, egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi? Nu ka ta mile mía kpɔm abe míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu, ale be wòte ŋu le zɔzɔm ɖo mahã?” 13 Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakob kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu ŋu. Yesu si miede asi hegbe nu le egbɔ le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu hafi. 14 Miegbe nu le dzɔdzɔetɔ la kple kɔkɔetɔ la gbɔ eye miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. 15 Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo.
16 “Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene.
17 “Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã. 18 Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme. 19 Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ, 20 ne wòaɖo Kristo si nye Yesu, ame si wòtia na mi la ɖe mi. 21 Ɛ̃, abe ale si nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime Mawu naɖɔ nu sia nu ɖo keŋkeŋkeŋ. 22 Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna, esi Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to nu sia nu si wòagblɔ na mi, 23 elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe, awɔ ɖe edzi o la le eƒe amewo dome.’
24 “Vavã nyagblɔɖilawo katã, tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu. 25 Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo, eye nu si Mawu bla kple mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu bla nu kple Abraham be, ‘Woayra xexea me blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’ 26 Le nubabla sia ta, esi Mawu ɖo eƒe dɔla ɖe xexea me la, eɖoe ɖe mia gbɔ gbã be wòayra mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”