5
Anania kple Safira
Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra woƒe nunɔamesi aɖe, ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo, nu si le nyanya me na srɔ̃a, Safira hã.
Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta Satana xɔ aƒe ɖe wò dzi me ale, be nèda alakpa na Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye nètsɔ ga si nèdzra anyigba lae ƒe ɖe dzra ɖo? Ɖe anyigba la menye tɔwò hafi nèdzrae oa? Eye esi nèdzrae la, ɖe ga la menye tɔwò oa? Nu kae wɔ wò be nèɖe afɔ sia? Menye amegbetɔe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.”
Esi Anania se nya sia teti ko la, emu dze anyi enumake heku. Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo katã se nu si va dzɔ la. Ke ɖekakpui siwo nɔ teƒea la tsɔ avɔ bla ɖe eŋu, eye wokɔe do goe yi ɖaɖi.
Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safira hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. Petro biae be, “Safira, gblɔe nam, ga home siae wò kple Anania miexɔ tso anyigba si miedzra la mea?”
Safira ɖo eŋu na Petro be, “Ɛ̃, ho mae míexɔ.”
Petro gblɔ na Safira be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Kpɔ ɖa ɖekakpui siwo ɖi srɔ̃wò ƒe kukua la, woawoe nye ema le xɔa mɔnu le wò hã lalam ne woakɔ wò hã ayii.”
10 Enumake Safira hã mu dze anyi heku ɖe Petro ƒe afɔ nu eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11 Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.
Apostoloawo yɔ dɔ ame geɖewo
12 Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. 13 Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu o, ke hã la, ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. 14 Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me. 15 Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi. 16 Zi gã aɖe tɔ le du siwo ƒo xlã Yerusalem la me, eye amewo kɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ, eye woda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Woti Apostoloawo yome
17 Ke nunɔlagã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔ aɖe me la yɔ fũu kple ŋuʋaʋã. 18 Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.
19 Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, 20 “Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”
21 Esi ŋu ke la, apostoloawo va ɖo gbedoxɔ la me abe ale si wogblɔ na wo la ene, eye wodze nufiafia ameawo gɔme.
Sẽe ko la, nunalɔgã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Israel ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo be woaɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. 22 Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔ la me o, ale wotrɔ ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, 23 “Esi míede la, míekpɔ gaxɔ ƒe agboawo nɔ tutu goŋgoŋ. Asrafowo nɔ tsitre ɖe agboa nu pɛpɛpɛ, gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”
24 Nya sia ʋuʋu gbedoxɔdzikpɔlawo ƒe amegã kple nunɔlagãwo ŋutɔ, eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o, eye womenya ɣe ka ɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. 25 Ke ame aɖe va gblɔ na wo be ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye emawo le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me.
26 Enumake asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi, eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo. 27 Wokplɔ apostoloawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe ŋkume be nunɔlagã nabia gbe wo.
28 Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”
29 Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. 30 Mía fofowo ƒe Mawu la fɔ Yesu tso ku me, eya ame si mina woklã ɖe ati ŋuti. 31 Eya Mawu do ɖe dzi ɖe eƒe ɖusime be wòanye Fiavi kple Ɖela, be wòahe dzimetɔtrɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke vɛ na Israel. 32 Míawo ŋutɔ míekpɔ nu siawo teƒe kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la hã.”
33 Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo.
Gamaliel ƒe aɖaŋu
34 Ke Farisitɔ aɖe le wo dome si ŋkɔe nye Gamaliel, enye agbalẽfiala hã, eye amewo katã dea bubu eŋu. Etsi tsitre le takpekpea me gblɔ be woaɖe kpɔ apostoloawo vie.
35 Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. 36 Ɣeyiɣi aɖe va yi la, Teuda aɖe va do ɖe mía dome, eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye amegã aɖe. Ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ, eye eyomedzelawo katã kaka gbẽe, eye nu nyui aɖeke medo tso eme o. 37 Le eya megbe la, ame bubu hã gava do le amexexlẽŋkekewo me. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, gake eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”
38 Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu. 39 Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”
40 Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apostoloawo vɛ, eye woƒo wo. Emegbe la, wode se na wo be womegagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.
41 Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. 42 Azɔ tso ŋkeke yi ŋkeke, wonɔa gbedoxɔ la ƒe akpata me, nɔa nu fiam, eye nenema ke wowɔna tso aƒe me yi aƒe me, eye womedzudzɔ nufiafia o, ke boŋ wonɔ gbeƒã ɖem nyanyui la, be Yesue nye Kristo la.