19
Sodom kple Gomora ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ
Gbe ma gbe ke ƒe fiẽ la, mawudɔla eveawo va ɖo Sodom ƒe agbo nu, eye Lot nɔ afi ma ɣe ma ɣi. Esi Lot kpɔ wo la, etsi tsitre be yeakpe wo, eye wòdo dzaa na wo. Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.”
Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.”
Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ, eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la, eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.”
Lot tu ʋɔ ɖe amedzroawo nu, eye wòyi wo gbɔ ɖaɖe kuku na wo be, “Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa sia tɔgbi o. Mikpɔ ɖa, ɖetugbi eve siwo menya ŋutsu haɖe o la le asinye. Maɖe asi le wo ŋu na mi be miawɔ nu sia nu si adze mia ŋu la kpli wo. Ke migawɔ naneke amedzro siawo ya o, elabena nye dzikpɔkpɔ te wole.”
Wodo ɣli sesĩe be, “He ɖa le afi ma! Ame kae nèbu be yenye? Míeɖe mɔ na Lot be wòanɔ mía dome abe amedzro ene, ke azɔ la, ele didim be yeagblɔ nu si míawo míawɔ la na mí! Míawɔ nu vevi wò wu nu si míawɔ ame mawo.” Wolũ ɖe Lot dzi, eye wode asi ʋɔtrua gbagbã me.
10 Ke mawudɔla eveawo ʋu ʋɔa, do asi ɖa, he Lot va xɔa me, tu ʋɔa, 11 eye wona Sodomtɔwo ƒe ŋkuwo dzi tsyɔ sẽe, ale be womegate ŋu kpɔ ʋɔtru la o.
12 Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me, 13 elabena míele du sia tsrɔ̃ ge keŋkeŋ. Nutsotso tso teƒe sia ŋu va ɖo dziƒo, eya ta Yehowa ɖo mí ɖa be míatsrɔ̃e.”
14 Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene.
Woɖe Lot kple eƒe aƒemetɔ aɖewo
15 Le fɔŋli la, mawudɔlawo gblɔ na Lot be, “Netsɔ na wò, nàkplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi eve siwo le afi sia la, eye miasi adzo, ne menye nenema o la, miatsrɔ̃ le du sia tsɔtsrɔ̃ me.”
16 Esi Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlawo lé eya ŋutɔ, srɔ̃a kple viawo ƒe alɔnu, eye wohe wo yi dua godo, afi si woanɔ dedie le, elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo.
17 Mawudɔlawo gblɔ na wo be, “Miɖe abla miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Misi yi toawo dzi, miganɔ gbadzaƒe le afi sia o. Ne menye nenema o la, miatsrɔ̃.”
18 Lot gblɔ na wo be, “O, nye Aƒetɔwo, meɖe kuku na mi. 19 Esi mieve nunye alea, eye mieɖe nye agbe ta la, mina masi ayi du sue kemɛ ɖa me boŋ, elabena mele vɔvɔ̃m be dzɔgbevɔ̃e aɖe ava ɖi kpem le toawo dzi. 20 Kpɔ ɖa, du la medidi tso afi sia kura o, eye du sue aɖe koe. Meɖe kuku mina mayi afi ma boŋ. Miekpɔ ale si wònye du sue aɖe oa? Matsi agbe le afi ma.”
21 Mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Enyo, mexɔ wò nya la, eye nyematsrɔ̃ du sue ma o. 22 Gake miɖe abla! Elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime miaɖo afi ma.” (Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa du sue ma be Zoar ɖe ƒe suẽnyenye ta.)
23 Ɣe nɔ dzedzem esi Lot ɖo Zoar. 24 Tete Yehowa na dzo kple aŋɔ xɔdzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi, 25 gblẽ wo kple du gã kple du sue siwo nɔ gbadzaƒe la, eye amewo, atiwo kple lãwo siaa tsrɔ̃ keŋkeŋ. 26 Ke Lot srɔ̃ nye kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ.
27 Gbe ma gbe ŋdi la, Abraham fɔ kaba, eye wòɖe abla yi teƒe si wòtsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ŋkume le la. 28 Ekpɔ Sodom kple Gomora lɔƒo ɖa, eye wòkpɔ be dzudzɔ nɔ tutum kɔlikɔli tso afi ma abe kpodzo gã aɖe me wònɔ dodom tso ene. 29 Ale Mawu se Abraham ƒe kukuɖeɖe, ena Lot nɔ dedie, eye wòɖee tso ku kple tsɔtsrɔ̃ siwo ƒo xlã Sodom, Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la me.
30 Emegbe la, Lot dzo le Zoar, elabena enɔ afi ma tɔwo vɔ̃m, eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le toawo dzi kple via nyɔnuvi eveawo. 31 Gbe ɖeka la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Ŋutsu aɖeke kura mele anyigba sia ƒe akpa sia lɔƒo si mía fofo alɔ̃ be míaɖe o. Kpe ɖe esia ŋu la, esusɔ vie mía fofo natsi akpa na vidzidzi. 32 Na míana mía fofo nano wain amu, eye wòadɔ mía gbɔ, ale be míate ŋu adzi vi, eye míaƒe dzidzime nu matso o.” 33 Ale wona wain wo fofo wòno hemu. Nyɔnuvi tsitsitɔ yi ɖamlɔ fofoa gbɔ, eye fofoa dɔ kplii, gake fofoa menya o.
34 Le ŋdi me la, nyɔnuvi tsitsitɔ gblɔ na nɔvia be, “Medɔ fofonye gbɔ le zã si va yi la me. Na míagana ahae wòagano amu, eye wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ, ale be míaƒe ƒome la nadzi ɖe edzi.” 35 Ale wona wo fofo gamu aha gbe ma gbe fiẽ hã, eye nyɔnuvi suetɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ. Fofoa dɔ eya hã gbɔ, ke fofoa menya o. 36 Ale nɔvi eveawo fɔ fu na wo fofo Lot.
37 Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui. 38 Nyɔnuvi suetɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Ben Ami; eyae nye Amonitɔwo tɔgbui.