21
Wodzi Isak
Azɔ Yehowa ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi na Sara. Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe nɛ la dzi. Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi nɛ la be, Isak si gɔmee nye, “Nukoko.” Esi via, Isak, xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak nɛ.
Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim. Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara hã madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!”
Wonya Hagar kple Ismael
Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi. Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la, 10 egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.”
11 Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael hã.
12 Ke Mawu gblɔ na Abraham be, “Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃wò kosi la ta o. Wɔ nu si Sara ɖo na wò la, elabena Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso. 13 Ke mana nyɔnu kosivi ƒe vi la hã ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe, elabena viwò eya hã nye.”
14 Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o. 15 Esi tsia vɔ la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te, 16 eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe.
17 Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be, “Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la. 18 Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ nɛ, elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ gã aɖe.”
19 Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno. 20 Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala. 21 Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte.
Abraham bla nu kple Abimelek
22 Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ nɛ be, “Eme kɔ ƒãa be Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me. 23 Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene.”
24 Abraham ɖo eŋu be, “Enyo, meka atam sia!”
25 Abraham na nutsotso fia Abimelek tso ale si fia la ƒe subɔlawo xɔ vudo aɖe le eƒe subɔlawo si sesẽtɔe la ŋuti. 26 Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, “Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si wɔ nu sia hã o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?”
27 Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Fia Abimelek abe vɔsa ene hetsɔ ɖo kpe woƒe nubabla la dzi. 28 Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga, 29 eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?”
30 Abraham ɖo eŋu be, “Esiae nye nye nunana na wò be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia.”
31 Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye “Atamvudo,” elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le.
32 Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe. 33 Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me. 34 Eye Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe.