24
Isak ɖe Rebeka
Abraham tsi ŋutɔ azɔ, eye Yehowa yrae le mɔ sia mɔ nu. Gbe ɖeka la, Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla, ame si nye eƒe subɔla tsitsitɔ be, “Tsɔ wò asiwo de nye ata te, eye nàka atam nam le Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu ŋkume be màna vinye naɖe Kanaan nyɔnuvi siawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ àyi nye denyigba dzi kple ƒonyemetɔwo dome, eye nàɖe srɔ̃ nɛ le afi ma.”
Aƒedzikpɔla la biae be, “Ke ne nyemate ŋu kpɔ ɖetugbi aɖeke si alɔ̃ be yeava teƒe didi sia o ɖe, ekema ɖe makplɔ Isak ayi afi ma boŋ, ale be wòanɔ ƒowòmetɔwo domea?”
Abraham ɖo eŋu be, “Gbeɖe! Kpɔ nyuie be màwɔ nenema gbeɖe o, elabena Yehowa, Mawu si le dziƒo la gblɔ nam be magblẽ anyigba ma kple ƒonyemetɔwo ɖi, eye wòdo ŋugbe nam be yeatsɔ anyigba sia na nye kple nye dzidzimeviwo. Ana mawudɔla aɖe nanɔ ŋgɔ na wò, eye wòakpɔ egbɔ be èkpɔ nyɔnuvi aɖe tso afi ma wòazu vinye srɔ̃. Ke ne medze edzi nenema o la, ekema atam sia megabla wò o, gake mègakplɔ vinye yi be, wòatsi afi ma gbeɖegbeɖe o.”
Ale aƒedzikpɔla la tsɔ eƒe asiwo de Abraham ƒe ata te, eye wòka atam be yeawɔ eƒe ɖoɖowo dzi. 10 Ekplɔ Abraham ƒe kposɔ ewo ɖe asi, eye wòdo agba na wo kple nu nyui siwo katã le eƒe aƒetɔ si la ƒe ɖe. Ezɔ mɔ yi Aram Naharaim, eye wòyi Nahor ƒe du me. 11 Ena kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe dua godo le vudo aɖe to. Esi ɣe trɔ la, dua me nyɔnuwo va nɔ tsi kum.
12 Aƒedzikpɔla la do gbe ɖa be, “O, Yehowa, nye aƒetɔ ƒe Mawu, kpɔ nublanui na nye aƒetɔ Abraham, eye nàna be nye asi nasu nu si ta meva afi sia ɖo la dzi. 13 Kpɔm ɖa, mele tsitre ɖe vudo sia to, ɖetugbiwo tso dua me va le tsi kum. 14 Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.”
15 Hafi wòawu gbedodoɖa la nu la, Rebeka va do kple eƒe tsikuze si wòlé ɖe abɔta la. Enye Betuel ƒe vinyɔnu. Betuel nye Milka ƒe viŋutsu, ame si nye Abraham srɔ̃ nɔviŋutsu Nahor. 16 Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ. Menya ŋutsu haɖe o. Eva tsikuƒe la, ku tsi ɖe eƒe tsikuze me, eye wògado go.
17 Aƒedzikpɔla la ɖe abla te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem tso wò tsikuze la me mano.”
18 Ɖetugbi la ɖo eŋu be, “Mana tsi wò faa, nye aƒetɔ.” Eku tsi na aƒedzikpɔla la enumake, 19 eye wògblɔ be, “Mana wò kposɔwo hã va se ɖe esime woaɖi kɔ!”
20 Ale Rebeka ku tsi kɔ ɖe lãwo ƒe tsinonu me. Egatrɔ yi ɖaku tsi le vudoa me zi geɖe va se ɖe esime kposɔawo no tsi wòsu wo. 21 Aƒedzikpɔla la megagblɔ nya aɖeke o, ke boŋ eda ŋku ɖi be yeakpɔ be Yehowa wɔ ɖe nu siwo katã yebiae la dzi mahã. 22 Esi kposɔawo no tsi heɖi kɔ vɔ la, etsɔ sikatogɛ kple sikalɔnugɛ na Rebeka.
23 Ebiae be, “Ɖetugbi, ame ka ƒe vi nènye? Teƒe le fofowò si wòana míadze le zã sia mea?”
24 Eɖo eŋu be, “Fofonyee nye Betuel si nye Milka si nye Nahor srɔ̃ la ƒe vi. 25 Ɛ̃, nuɖuɖu le mía si sɔ gbɔ na kposɔawo, eye amedzrodzeƒe hã li.”
26 Aƒedzikpɔla la tsi tsitre ɖe afi ma sẽe, de ta agu, eye wòkafu Yehowa gblɔ be, 27 “Yehowa Mawu, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, meda akpe na wò be nève nye aƒetɔ nu, eye nèwɔ wò ŋugbedodo dzi nɛ be nèkplɔm tẽe va do ɖe nye aƒetɔ ƒe ƒometɔwo dome.”
28 Ɖetugbi la ƒu du yi aƒe me be yeaka nya la ta na yeƒe amewo. 29 Nɔviŋutsu aɖe nɔ Rebeka si. Eŋkɔe nye Laban. 30 Esi wòkpɔ togɛ la kple alɔnugɛ la le nɔvia nyɔnu ƒe abɔ, eye wòse Rebeka ƒe ɖaseɖiɖi tso nya si ŋutsu la gblɔ nɛ ŋuti ko la, eɖe abla yi ŋutsu la gbɔ le tsikuƒe la. Ekpɔe wòtsi tsitre ɖe kposɔawo gbɔ. 31 Egblɔ na ŋutsu la be, “Va, wò ame si Yehowa yra. Nu ka ta nèle tsitre ɖe afi sia ɖo? Medzra teƒe ɖo ɖe aƒea me na wò kple wò kposɔawo.”
32 Ale aƒedzikpɔla la dze Laban yome yi aƒe me, eye woɖe agba na kposɔawo. Laban na gbe ƒuƒu aƒedzikpɔla la be wòana kposɔawo. Emegbe la, ena tsi aƒedzikpɔla la kple ŋutsu siwo kplɔe ɖo la be woaklɔ afɔ. 33 Wona fiẽnuɖuɖu wo, ke aƒedzikpɔla la gblɔ be, “Nyemedi be maɖu naneke o va se ɖe esime magblɔ nu si ta meva afi sia ɖo la na mi.”
Laban gblɔ be, “Enyo, ka nya la ta na mí.”
34 Egblɔ be, “Abraham ƒe subɔlae menye. 35 Yehowa kɔ yayra geɖewo ɖe nye aƒetɔ dzi, eye wòzu amegã aɖe le anyigba si dzi wòle la. Mawu na alẽwo, nyiwo, klosalo, sika, kluviwo, kposɔwo kple tedziwoe. 36 Azɔ esi nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, tsi ŋutɔ la, edzi viŋutsu na nye aƒetɔ, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe nu sia nu nɛ. 37 Nye aƒetɔ na medo ŋugbe nɛ heka atam ɖe nya si wògblɔ nam dzi be, ‘Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o, 38 ke boŋ yi nye ƒometɔwo gbɔ le teƒe bubu, eye nàkplɔ ɖetugbi aɖe tso afi ma vɛ na vinye wòaɖe.’
39 “Mebia nye aƒetɔ hã be, ‘Ke ne nyemekpɔ ɖetugbi si alɔ̃ be yeava o ɖe?’
40 “Eɖo eŋu nam be, ‘Ɖetugbi la alɔ̃ be yeava, elabena Yehowa, ame si ŋkume mezɔ le la ana eƒe dɔla nazɔ kple wò, eye wòana nu si ta nèyi la naka asiwò. Ɛ̃, di ɖetugbi aɖe tso nye amewo dome, tso nɔvinyeŋutsua ƒe aƒemetɔwo dome. 41 Le wò atamkaka ta la, ele na wò be nàyi aɖabia. Ne womaɖo ame aɖeke ɖa o la, ekema èvo tso wò atamkaka la me.’
42 “Ɣetrɔ sia, esi meva ɖo vudo la to la, medo gbe ɖa be, ‘O, Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, ne èdi be nye asi naka nu si ta meva afi sia ɖo la, meɖe kuku, kplɔm ale. 43 Mele afi sia, le vudo sia to. Magblɔ na ɖetugbi aɖe si ava tsi ku ge la be, “Meɖe kuku, na tsim mano,” 44 eye wòaɖo eŋu nam be, “Mana tsi wò faa, eye mana tsi wò kposɔawo hã!” Na ɖetugbi ma nanye esi wò Yehowa, nètia be wòanye nye aƒetɔ ƒe vi srɔ̃.’
45 “Esi menɔ nya siawo gblɔm la, Rebeka gbɔna ɖaa, tsikuze nɔ abɔta nɛ. Eyi ɖaku tsi le vudo la me ɖe tsikuze la me. Megblɔ nɛ be, ‘Meɖe kuku, na tsim mano.’
46 “Eɖiɖi tsikuze la ɖe anyi enumake be manoe, eye wògblɔ be. ‘Amegã, mana tsi wò kposɔwo hã!’ Ke menoe, eye wòna nye kposɔwo hã.
47 “Mebiae be, ‘Ame ka ƒe vie nènye?’
“Egblɔ nam be, ‘Fofonyee nye Betuel, Nahor kple srɔ̃a Milka ƒe vi.’
“Eya ta metsɔ asigɛ kple alɔnugɛwo nɛ. 48 Emegbe la, mede ta agu, eye mekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, elabena ekplɔm to mɔ nyuitɔ dzi be meke ɖe ɖetugbi aɖe ŋu tso nye aƒetɔ nɔviŋutsu ƒe vinyɔnuwo dome, 49 eya ta migblɔ nu si dzi mieɖo kpee la nam. Ɖe miave nye aƒetɔ nu loo alo miave enu awɔ nu si dze la oa? Ne mieɖo eŋu nam la, ekema manya afɔ si magaɖe, ato miame loo alo ɖusime.”
50 Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o. 51 Kplɔe yi, eye wòazu wò aƒetɔ ƒe vi srɔ̃ abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
52 Le ŋuɖoɖo sia ta la, Abraham ƒe aƒedzikpɔla dze klo ɖe Yehowa ŋkume, eye wòsubɔe. 53 Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã. 54 Emegbe la, woɖu nu, no nu dzidzɔtɔe eye Abraham ƒe aƒedzikpɔla la kple eƒe amewo tsi afi ma dɔ. Ke esi ŋu ke ŋdi kanya la, aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Mina matrɔ ayi nye aƒetɔ gbɔ!”
55 Rebeka dada kple nɔvia gblɔ be, “Míedi be Rebeka naganɔ mía gbɔ ŋkeke ewo lɔƒo teti, ekema ate ŋu ayi.”
56 Ke aƒedzikpɔla la ɖe kuku be, “Migaxe mɔ na nye tɔtrɔ o. Yehowa ŋutɔ na nu si ta meva la dze edzi nam, eye medi be mayi aɖana akɔnta nye aƒetɔ.”
57 Wogblɔ be, “Enyo, míayɔ ɖetugbi la abia gbee.”
58 Ale woyɔ Rebeka, eye wobiae be, “Èlɔ̃ be yeadze ŋutsu sia yomea?”
Rebeka ɖo eŋu be, “Ɛ̃, mayi.”
59 Ale wodo hedenyui nɛ, eye woɖe nyɔnu si kpɔ edzi tso ɖevime la kpe ɖe eŋu, hekpe ɖe Abraham ƒe dɔla kple eŋumewo ŋuti. 60 Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo:
“Mía nɔvi lɔlɔ̃a,
nadzi ame akpe akpewo
wò dzidzimeviwo
naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”
61 Ale Rebeka kple eƒe dɔlanyɔnuwo de kposɔawo dzi, eye wodzo kple Abraham ƒe aƒedzikpɔla la.
62 Fifia Isak, ame si ƒe aƒe le Negeb la, trɔ va Ber Lahai Roi. 63 Gbe ɖeka fiẽ esi wònɔ tsa ɖim le gbedzi nɔ gbe dom ɖa la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa. 64 Rebeka kpɔe ɖa, eye wòɖi enumake le kposɔ la dzi.
65 Rebeka bia aƒedzikpɔla la be, “Ame kae ma le zɔzɔm le gbedzi gbɔna mía kpe ge?”
Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ ƒe viŋutsue!” Ale Rebeka tsɔ motsyɔnu tsyɔ mo. 66 Tete aƒedzikpɔla la gblɔ ŋutinya blibo la na Isak. 67 Isak kplɔ Rebeka de dadaa ƒe agbadɔ me, eye wòzu srɔ̃a. Isak lɔ̃ srɔ̃a ŋutɔ, eye Rebeka zu akɔfafa tɔxɛ nɛ le dadaa ƒe ku megbe.