26
Isak kple Fia Abimelek
Dɔ gã aɖe to ɖe anyigba la dzi abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi Gerar, afi si Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia nɔ.
Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma gblɔ nɛ be, “Mègayi Egipte o. Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene! Matsɔ anyigba siawo katã ana wò, eye wòanye yayra na dukɔwo katã le xexea me. Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.”
Eya ta Isak nɔ Gerar. Esi Gerar ŋutsuwo bia gbee tso Rebeka ŋu la, egblɔ be, “Nɔvinye nyɔnue!” Ewɔ esia, elabena evɔ̃ be ne yeʋu eme be ye srɔ̃e la, woawu ye be yewoaxɔe, elabena edze tugbe ŋutɔ. Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek, Filistitɔwo ƒe fia do mo ɖe fesre nu, eye wòkpɔ ale si Isak kple Rebeka nɔ fefe fem.
Abimelek dɔ ame ɖe Isak, eye wòhe nya ɖe eŋu be, “Srɔ̃wòe nye Rebeka! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvie ɖo?”
Isak ɖo eŋu be, “Elabena mevɔ̃ be woava wum, axɔ Rebeka aɖe.”
10 Abimelek biae be, “Aleke nàte ŋu awɔ nu sia ɖe mía ŋu? Ame aɖe ate ŋu awɔ ahasi kplii le esime menya be srɔ̃tɔe o, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi.” 11 Abimelek ɖe gbeƒã be, “Ame sia ame si awɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ame sia alo srɔ̃a ŋu la aku.”
12 Le ƒe ma me la, Isak ƒe nukuwo ʋã ŋutɔ; nuku ɖe sia ɖe si wòƒã la tse ku geɖe, elabena Yehowa yrae. 13 Ezu kesinɔtɔ gã aɖe, eye eƒe kesinɔnuwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko. 14 Eƒe lãhawo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye subɔla geɖewo hã nɔ esi. Ale Filistitɔwo de asi ŋuʋaʋãe me. 15 Woxe eƒe vudo siwo katã fofoa Abraham ƒe subɔlawo ɖe la.
16 Fia Abimelek nya Isak le eƒe anyigba dzi. Egblɔ nɛ be, “Dzo yi teƒe bubu, elabena èzu kesinɔtɔ eye ŋusẽ le asiwò wu mí azɔ.”
17 Ale Isak ʋu yi Gerar ƒe balime, eye wònɔ afi ma koŋ. 18 Isak gbugbɔ fofoa Abraham ƒe vudo siwo Filistitɔwo xe le fofoa ƒe ku megbe la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo. 19 Eƒe alẽkplɔlawo hã ɖe vudo yeye aɖe ɖe Gerar ƒe balime, eye woke ɖe tsi dzidzi ŋu le anyigba ƒe tume.
20 Ke alẽkplɔla siwo nye Gerartɔwo la dze go ɖe vudoa dzi. Wohe nya kple Isak ƒe alẽkplɔlawo gblɔ be, “Míaƒe anyigba kple míaƒe vudoe.” Ale wona ŋkɔ vudoa be, “Nyahehevudo.” 21 Isak ƒe amewo gaɖe vudo bubu, ke ʋiʋli gaɖo esia hã ŋu, eya ta wona ŋkɔ vudo la be, “Dɔmedzoevudo.” 22 Isak ɖe asi le vudo sia hã ŋu, eye wògaɖe bubu. Ke afi ma tɔwo megabia nya aɖekee o. Nu sia na wona ŋkɔ vudo sia be Rehobot si gɔmee nye “Teƒe Li Na Mí Azɔ.” Eya ta egblɔ be, “Elabena mlɔeba la, Yehowa di teƒe na mí, eye míaɖe ɖɔ.”
23 Esi wòyi Beerseba la, 24 Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã si me wòɖo afi ma la, eye wògblɔ nɛ be, “Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu, mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, eye mayra wò. Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be woazu dukɔ gã aɖe le nye ŋugbedodo na Abraham, ame si ɖo tom la ta.” 25 Isak ɖi vɔsamlekpui, eye wòsubɔ Yehowa. Eʋu va tsi afi ma, eye eƒe subɔlawo ɖe vudo ɖi. 26 Gbe ɖeka la, Isak xɔ amedzro aɖewo tso Gerar. Ame siawo nye Fia Abimelek kple eƒe aɖaŋudela Ahuzat kple eƒe aʋafia Pixol.
27 Isak bia wo be, “Nu ka ta mieva gbɔnye ɖo? Esi mienyam le miaƒe anyigba dzi ɖe madzɔmadzɔ dzi ɖe, nu ka wɔ ge mieva.”
28 Woɖo eŋu be, “Míekpɔe dze sii kɔtɛe be Yehowa le yrawòm. Míedi be atamkaka nanɔ mía dome. 29 Do ŋugbe na mí be yemawɔ nuvevi mí abe ale si míewɔ nuvevi wò ene o. Le nyateƒe me la, nyui ko míewɔ na wò; ɖeko míena nèdzo le ŋutifafa me. Míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me.”
30 Ale Isak ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo, woɖu nu, no nu abe dzadzraɖo na nubabla la ƒe wɔnawo ene. 31 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, woka atam na wo nɔewo be yewomatsi tsitre ɖe yewo nɔewo ŋu o. Emegbe Isak do mɔ wo, eye wodzo yi aƒe kple dzidzɔ.
32 Gbe ma gbe ke Isak ƒe subɔlawo va gblɔ nɛ be, “Míeke ɖe tsi ŋu le vudo si ɖem míele la me.” 33 Eya ta Isak na ŋkɔ vudo la be, “Atamvudo.” Eya ta woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be Beerseba va se ɖe egbe.
34 Esi Esau xɔ ƒe blaene la, eɖe Hititɔ Beeri ƒe vinyɔnu Yudit, eye wògaɖe Hititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basemat. 35 Ke Isak kple Rebeka mekpɔ dzidzɔ le Esau ƒe srɔ̃ siawo ɖeɖe ŋu o.