28
Isak ɖo Yakob ɖe Laban gbɔ
Isak yɔ Yakob, yrae, eye wògblɔ nɛ be, “Mègaɖe Kanaan nyɔnu siawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ yi Padan Aram enumake, eye nàge ɖe tɔgbuiwò Betuel ƒe aƒe me, eye nàɖe nɔviwò siwo nye nyruiwò, Laban vinyɔnuwo la dometɔ ɖeka. Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe! Mawu nana yayra gã siwo ŋugbe wòdo na Abraham la nava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. Anyigba si dzi míele fifia abe amedzrowo ene la nazu tɔwò, elabena Mawu tsɔe na Abraham.”
Ale Isak na Yakob yi Padan Aram be wòakpɔ nyruia Laban, ame si nye Betuel Arameatɔ la ƒe viŋutsu eye wòganye Yakob kple Esau dadaa Rebeka nɔviŋutsu la ɖa.
Esau kpɔ be ye fofo Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan Aram be wòaɖe srɔ̃ le afi ma, ke ede se na Yakob be, “Megaɖe Kanaan nyɔnu o.” Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Padan Aram. Esau de dzesii be Kanaan nyɔnuawo medze ye fofo Isak ŋu o. Ale Esau yi etɔgã, Ismael ƒe ƒome me, eye wòɖe srɔ̃ bubu eve tso afi ma kpe ɖe srɔ̃ siwo nɔ esi xoxo la ŋu. Srɔ̃ yeye siawo dometɔ ɖekae nye Mahalat, Nebayɔt nɔvi kple Ismael si nye Abraham ƒe viŋutsu la ƒe vinyɔnu.
Yakob ku drɔ̃e le Betel
10 Yakob dzo le Beerseba, eye wòɖo ta Haran. 11 Esi zã do la, etsi teƒe aɖe dɔ, eye wòziɔ kpe aɖe abe suɖui ene be yeadɔ alɔ̃. 12 Eku drɔ̃e kpɔ atsrɔe aɖe si didi tso anyigba yi ɖatɔ dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo nɔ eliam ganɔ ɖiɖim.
13 Ekpɔ Yehowa wònɔ atsrɔe la tame, eye wògblɔ be, “Nyee nye Yehowa, Abraham ƒe Mawu kple fofowò Isak ƒe Mawu. Anyigba si dzi nèmlɔ la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo, 14 elabena wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene! Woakaka ɖe anyigba dzi tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, tso anyiehe yi dziehe, eye woayra dukɔwo katã le xexea me to wò kple wò dzidzimeviwo dzi. 15 Gawu la, meli kpli wò, makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi la, eye makplɔ wò nàgbɔ ava anyigba sia dzi dedie. Manɔ kpli wò va se ɖe esime matsɔ nu siwo katã ŋugbe medo na wò la ana wò.”
16 Esime Yakob nyɔ tso alɔ̃ me la, egblɔ be, “Vavã, Yehowa le afi sia, gake nyemenya o.” 17 Egblɔ be, “Aleke gbegbe teƒe sia dzi ŋɔe! Teƒe sia menye teƒe bubu aɖeke wu Mawu ƒe aƒe o. Esiae nye dziƒogbo la.” 18 Yakob fɔ ŋdi kanya, ɖi kpe si wòziɔ la abe ŋkuɖodzikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi. 19 Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz.
20 Yakob ɖe adzɔgbe na Mawu be, “Ne Mawu ave nunye, akpɔ tanye le nye mɔzɔzɔ sia me, ana nuɖuɖu kple nutatam, 21 eye wòakplɔm magbɔ ava fofonye gbɔ dedie la, ekema matia Yehowa abe nye Mawu ene! 22 Ŋkuɖodzikpe sia azu mawusubɔƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò!”