3
Nu vɔ̃ me dzedze kple eyomedzenuwo
Da nye lã si dze aye wu lã bubu siwo katã Yehowa Mawu wɔ la. Da va nyɔnu la gbɔ, eye wòbiae be, “Ɖe wònye nyateƒe be Mawu de se na mi be migaɖu ati siwo katã le abɔa me la dometɔ aɖeke ƒe tsetsea oa?”
Nyɔnu la gblɔ na da la be, “Míate ŋu aɖu ati ɖe sia ɖe si le abɔ sia me la ƒe tsetse, gake Mawu gblɔ be, ‘Migaɖu ati si le abɔ la titina ƒe tsetse o, migaka asi eŋu hã o, ne menye nenema o la, miaku.’ ”
Da la gblɔ be, “Miele kuku ge akpɔ o! Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”
Esi nyɔnu la kpɔ be ati la ƒe tsetse nyo na ɖuɖu, eye wònya kpɔ, eye wònana wodzea nunya la, egbe ɖe ɖu. Ena ɖe srɔ̃a si le egbɔ la hã wòɖu. Esi woɖu kutsetsea ko la, wodze sii enumake be yewole amama, eye ŋu de asi wo kpekpe me. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.
Gbe ma gbe ƒe ɣetrɔ la, amea kple srɔ̃a se Yehowa Mawu ŋkɔ wònɔ tsa ɖim le abɔ la me. Ale woɣla wo ɖokuiwo ɖe atiawo dome. Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?”
10 Adam ɖo eŋu be, “Mese ŋkɔwò nègbɔna, vɔvɔ̃ ɖom, eye nyemedi be nàkpɔm manɔ amama o, eya ta meɣla ɖokuinye.”
11 Mawu biae be, “Ame kae gblɔ na wò be èle amama? Ɖe nèɖu ati si ŋu mede se na mi le la ƒe tsetsea?”
12 Amea ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyɔnu si nèwɔ nam lae na kutsetsea ƒe ɖem meɖu.”
13 Yehowa Mawu bia nyɔnu la be, “Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖo?”
Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Da lae blem.”
14 Eya ta Yehowa Mawu gblɔ na da la be, “Ɖe nu si nèwɔ ta la,
“Maƒo fi ade wò ɖeka le aƒemelã
kple gbemelã siwo katã le anyigba dzi la dome!
Wò ƒodo dzi nàzɔ
eye ʋuʋudedi anye wò nuɖuɖu
le wò agbemeŋkekewo katã me.
15 Tso azɔ dzi la, made fuléle
wò kple nyɔnu la dome,
eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome.
Eya la agbã ta na wò,
eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”
16 Mawu gblɔ na nyɔnu la be,
“Àdzi vi le fukpekpe
kple vevesese geɖe me,
gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko,
eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”
17 Mawu gblɔ na Adam be, “Esi nèɖo to srɔ̃wò, eye nèɖu kutsetse si ŋu mede se na mi le ta la, meƒo fi de anyigba ɖe tawò.
“Le wò agbemeŋkekewo katã me la,
àku kutri be yeakpɔ nuɖuɖu tso anyigba me.
18 Anyigba ana ŋuwo kple aŋɔkawo namie na wò,
eye nàɖu woƒe gbewo.
19 Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu
va se ɖe esime nàku.
Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la;
elabena anyi wotsɔ wɔ wòe,
eye anyi ke nàgatrɔ azu.”
20 Ŋutsu la na ŋkɔ srɔ̃a be Eva si gɔmee nye “Agbenala,” elabena egblɔ be, “Eyae azu amegbetɔƒome blibo la dzila.”
21 Yehowa Mawu wɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. 22 Yehowa Mawu gblɔ be, “Esi ame la zu abe míawo ene, eye wònya nyui kple vɔ̃ la, nya kae adzɔ ne aɖu agbeti la, eye wòanɔ agbe tegbetegbe?” 23 Esia ta Yehowa Mawu nyae ɖa tso Edenbɔ la me, eye wòɖoe ɖa be wòayi aɖade agble ɖe anyigba si me woɖee tsoe la dzi. 24 Ale Mawu nya ame la, eye wòtsɔ mawudɔla sesẽ siwo wòde yi dadzowo asi na la da ɖe Edenbɔ la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo be woadzɔ mɔ woato aɖo ta agbeti la gbɔ la nu.