36
Esau ƒe dzidzimeviwo
Esau (ame si wogayɔna hã be Edom) la ƒe dzidzimeviwo yi ale:
 
Esau ɖe Kanaan nyɔnu etɔ̃: Ada, Hititɔ Elon ƒe vi, Oholibama, Ana ƒe vi kple Hivitɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi kpakple Basemat, Ismael ƒe vinyɔnu si nye Nebayɔt nɔvinyɔnu.
Esau kple Ada dzi viŋutsu ɖeka si ŋkɔe nye Elifaz. Esau kple Basemat dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Reuel.
Esau kple Oholibama dzi viŋutsu siwo ƒe ŋkɔwoe nye Yeus, Yalam kple Korah. Wodzi vi siawo katã na Esau le Kanaanyigba dzi.
Esau kplɔ srɔ̃awo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kpakple subɔla siwo le eƒe aƒe me, kple lãhawo kple kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaanyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ.
Woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Anyigba si dzi wole la megalolo na wo ame eveawo o le woƒe lãhawo ta. Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.
 
Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:
 
10 Esau ƒe viŋutsuwo: gbãtɔe nye Elifaz si Ada dzi nɛ, eveliae nye Reuel si Basemat dzi nɛ.
11 Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye:
Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz. 12 Timna si nye Elifaz, Esau ƒe viŋutsu ƒe ahiãvi la dzi Amalek. Ame siawoe nye Ada, Esau srɔ̃ ƒe viwo.
13 Reuel ƒe viŋutsuwoe nye:
Nahat, Zera, Sama kple Miza. Ame siawoe nye Esau ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Basemat dzi.
14 Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu kple Zibeon ƒe mamayɔvi si wodzi na Esau la dzi Yeus, Yalam kple Korah.
 
15 Ame siawoe nye fiawo le Esau ƒe dzidzimeviwo dome.
Elifaz, ame si nye Esau ƒe viŋutsu gbãtɔ,
Teman, Omar, Zefo kple Kenaz, 16 Korah, Gatam kple Amalek. Ame siawo nye fia siwo dzɔ tso Elifaz me le Edom. Wonye Ada ƒe mamayɔviwo.
17 Hlɔ̃ siwo gbɔna la, nye Reuel, ame si Esau kple srɔ̃a Basemat dzi le esime wonɔ Kanaan la ƒe dzidzimeviwo:
Amegã Nahat, Amegã Zera, Amegã Sama kple Amegã Miza. Woawoe nye amegã siwo dzɔ tso Reuel me le Edomnyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basemat ƒe viwo.
18 Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viŋutsuwo nye fia siawo:
Yeus, Yalam kple Korah. Wodzɔ tso Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu me.
19 Ame siawo nye Esau alo Edom ƒe viŋutsuwo, eye ame siawoe nye woƒe fiawo.
 
20 Ame siawo nye Seir, Horitɔ la ƒe viŋutsuwo, ame siwo nɔ nuto la me:
Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, 21 Dison, Ezer kple Disan. Wonye viŋutsuwo na Horitɔ Seir le Edom, eye wonye fiawo.
22 Lotan ƒe viwoe nye,
Hori kple Heman. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
23 Sobal ƒe viŋutsuwoe nye:
Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam.
24 Zibeon ƒe viwoe nye:
Aya kple Ana. (Eyae fɔ tsi dzidzi xɔdzo aɖe ƒe vudo le gbegbe esime wònɔ fofoa ƒe tedziwo kplɔm.)
25 Ana ƒe viwoe nye:
Dison kple Oholibama.
26 Dison ƒe viwoe nye:
Hemdan, Esban, Itran kple Keran.
27 Ezer ƒe viwoe nye:
Bilhan, Zaavan kple Akan.
28 Disan ƒe viŋutsuwoe nye:
Uz kple Aran.
29 Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo.
Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, 30 Dison, Ezer kple Disan.
Ame siawoe nye Horitɔwo ƒe fiawo le woƒe tokɔ vovovoawo nu le Seirnyigba dzi.
Edom ƒe fiawo
31 Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:
32 Beor ƒe vi Bela si ɖu fia le Edom. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
33 Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.
34 Esi Yobab ku la, Husam si tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi la ɖu fia ɖe eteƒe.
35 Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moabnyigba dzi la ɖu fia le Husam ƒe ku megbe. Eƒe fiadue nye Avit.
36 Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.
37 Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
38 Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
39 Esi Baal Hanan, Akbor ƒe viŋutsu la hã ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe, eye eƒe fiadue nye Pau. Srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabel, Matred ƒe vinyɔnu kple Mezahab ƒe mamayɔvi.
 
40 Esiawoe nye fia siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo ɖe woƒe towo kple nutowo ƒe ɖoɖo nu:
Timna, Alva, Yetet,
41 Oholibama, Ela, Pinon,
42 Kenaz, Teman, Mibzar,
43 Magdiel kple Iram.
Esiawoe nye Edom fiawo le ɖoɖo si me wonɔ le anyigba dzi la nu.
 
Wonye Esau, Edomtɔwo fofo ƒe dzidzimeawo.