38
Yuda kple Tamar
Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi Adulam, eye wònɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hira la gbɔ. Yuda do go Kanaan nyɔnu aɖe si nye Sua ƒe vi la le afi ma, eye wòɖee.
Efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Er. Egafɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan. Egadzi ŋutsuvi ake, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Sela; teƒe si wodzii le lae nye Kezib.
Esi via Er tsi la, Yuda na wòɖe nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Tamar. Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui.
Yuda gblɔ na Er nɔviŋutsu Onan be, “Ele be nàɖe Tamar abe ale si míaƒe se di tso ame kuku nɔviŋutsu si be wòawɔ ene, ale be Tamar ƒe vi siwo wòadzi na wò la nanyi nɔviwò kukua ƒe dome.”
Ke Onan medi be yeadzi vi si womabu abe ye ŋutɔ tɔ ene o, eya ta togbɔ be eɖe Tamar hã la, ɣe sia ɣi si wòadɔ Tamar gbɔ la, enana eƒe ŋutsutsi la duduna ɖe aba la dzi, ale be Tamar mafɔ fu adzi vi si anye nɔvia kukua tɔ o. 10 Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã. 11 Eya ta Yuda gblɔ na toyɔvia, Tamar be megaɖe srɔ̃ azɔ le ɣe ma ɣi me o, ke boŋ wòatrɔ ayi wo de le edzilawo gbɔ, eye wòanye ahosi va se ɖe esime ye vi suetɔ, Sela natsi ate ŋu aɖee. Ke Yuda meɖo le nyateƒe me be Sela naɖee o, gake egblɔ nenema, elabena evɔ̃ be Mawu ava wu eya hã abe ale si wòwu foa eveawo ene. Ale Tamar yi wo de le edzilawo gbɔ.
12 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃ ku. Le kunuwɔwɔ nɛ vɔ megbe la, Yuda kple exɔlɔ̃, Hira, Adulamtɔ la yi Timna be woakpɔ fukoko na alẽwo dzi. 13 Esi ame aɖe gblɔ na Tamar be toa dze Timna mɔ dzi hegbɔna fu ko ge na alẽawo, 14 eye esi wònya azɔ kɔtɛe be womaɖe mɔ yeaɖe Sela o, togbɔ be Sela tsi azɔ hã la, eɖe eƒe ahovɔ da ɖi, eye wòtsɔ motsyɔvɔ tsyɔ mo, ale be womagadze si ye o. Enɔ anyi ɖe mɔ to le Enaim si le Timna mɔ dzi la ƒe agbo nu. 15 Yuda kpɔe esime wòva yina, eye wòbu be gboloe le eƒe motsyɔvɔ la ta. 16 Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o.
Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?”
17 Yuda do ŋugbe nɛ be, “Maɖo gbɔ̃vi aɖe ɖe wò tso nye lãwo dome.”
Tamar biae be, “Nu ka nàtsɔ ade awɔba, ale be maka ɖe edzi be àɖo gbɔ̃vi la ɖem?”
18 Yuda biae be, “Enyo, awɔbanu kae nèhiã?”
Tamar ɖo eŋu be, “Tsɔ wò ŋkɔsigɛ si nètsɔna dea dzesi wò nuwo kple wò atizɔti nam.” Ale Yuda tsɔ wo nɛ. Tamar lɔ̃ Yuda dɔ egbɔ, eye wòfɔ fu. 19 Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene. 20 Yuda gblɔ na exɔlɔ̃ Hira, Adulamtɔ la be wòalé gbɔ̃vi la ayi na Tamar, eye wòaxɔ awɔbanuawo vɛ, ke Hira mete ŋu ke ɖe Tamar ŋu o.
21 Hira bia dua me ŋutsuwo be, “Afi ka gbolo si nɔa ŋutsuwo dim le mɔ to le Enaim dua ƒe agbonu la le?”
Woɖo eŋu be, “Gbolo aɖeke menɔ afi sia kpɔ o.” 22 Ale wòtrɔ va Yuda gbɔ, gblɔ nɛ be yemete ŋu ke ɖe eŋu o, eye wògblɔ nya si dua me ŋutsuwo gblɔ nɛ la na Yuda.
23 Yuda gblɔ be, “Ekema awɔbanuawo netsi egbɔ faa! Míedze agbagba ale si míate ŋui. Ne míegale eyome tim kokoko la, dua me tɔwo ako mí. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.”
24 Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta.
Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!”
25 Ke esi wohee yina wuwu ge la, eɖo du ɖe toa be, “Ame si tɔ ŋkɔsigɛ kple eŋuti ka kple atizɔti sia nye la, eya tututue nye ɖevi si dzi ge megbɔna la fofo. Ènya nane tso ŋkɔsigɛ kple atizɔti sia ŋua?”
26 Yuda lɔ̃ be ye tɔwoe, eye wògblɔ be, “Etɔ dzɔ, elabena megbe be nyemawɔ ŋugbedodo dzi atsɔe na vinye, Sela wòaɖe o.” Tso ema dzi la, megadɔ kplii kpɔ o.
27 Eƒe vidziɣi ɖo, eye wòdzi evenɔvi siwo nye ŋutsuviwo. 28 Esi wònɔ ɖeviawo dzim la, vixela la sa ka dzĩ aɖe ɖe ɖevi si do gbɔna gbã la ƒe alɔnu, 29 ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.” 30 Eteƒe medidi hafi wodzi ɖevi si ƒe alɔnu ka dzĩ la le la o. Wona ŋkɔe be Zera.