47
Esi wova ɖo la, Yosef yi Farao gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan va ɖo afii kple woƒe lãwo kpakple woƒe nuwo katã. Wodi be yewoanɔ Gosenyigba dzi.”
Ekplɔ nɔvia ŋutsu atɔ̃ ɖe asi, eye wòɖe wo fia Farao.
Farao bia wo be, “Dɔ ka miewɔna?”
Woɖo eŋu be, “Míenye alẽkplɔlawo abe mía tɔgbuiwo kple mía fofowo ene. Míeva be míanɔ Egipte, elabena gbeɖuƒe mele Kanaanyigba dzi na míaƒe lãwo o; dɔwuame la nu sesẽ le afi ma ŋutɔ. Míele mɔ biam be nàna míanɔ Gosenyigba dzi.”
Farao gblɔ na Yosef be, “Fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo va gbɔwò, eye Egiptenyigba le ŋkuwò me. Na fofowò kple nɔviwò ŋutsuwo nanɔ anyigba la ƒe akpa nyuitɔ dzi. Na woanɔ Gosen. Ne ènya wo dometɔ aɖe si ŋu ŋutete tɔxɛ aɖe le la, nàna wòakpɔ nye ŋutɔ nye lãhawo dzi.”
Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao.
Farao bia Yakob be, “Ƒe neni nèxɔ?”
Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.” 10 Yakob gayra Farao hafi dzo.
11 Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene. 12 Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu.
Dɔwuame va Egipte
13 Dɔwuame la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi kokoko le Egipte kple Kanaan siaa. 14 Yosef xɔ ga siwo katã le ame siwo le Egipte kple Kanaan la si, eye wòna nuɖuɖu wo ɖe woƒe ga teƒe. Etsɔ ga la de Farao ƒe gadzraɖoƒe. 15 Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo.
Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.”
16 Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.”
17 Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ.
18 Esi ƒe trɔ la, wogayi Yosef gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo zu tɔwò; míaƒe nu siwo susɔ la koe nye míaƒe ŋutilãwo kple míaƒe agblenyigbawo. 19 Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.”
20 Ale Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblenyigbawo katã na Farao. Egiptetɔwo katã dzra woƒe anyigbawo, elabena dɔwuame la nu sesẽ ŋutɔ. Ale anyigba la zu Farao tɔ. 21 Ale Egiptetɔwo katã zu awɔbamewo na Farao. 22 Anyigba si meƒle o la koe nye esi nye nunɔlawo tɔ, elabena Farao naa nuɖuɖu wo, eye mehiã be woadzra woƒe anyigba o.
23 Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble. 24 Mima nu sia nu si miaxa la ɖe akpa atɔ̃ me; ɖeka nanye Farao tɔ. Akpa ene nanye mia tɔ, wòanye nuƒaƒã le ƒe si gbɔna la me kple nuɖuɖu na miawo ŋutɔ miaƒe aƒemetɔwo kple mia viwo.”
25 Ameawo gblɔ be “Èɖe míaƒe agbe! Aƒetɔ, ne àlɔ̃ la, míanye awɔbamewo na Farao.”
26 Eya ta Yosef wɔe wòzu se le Egiptenyigba blibo la dzi va se ɖe egbegbe be woadzɔ agblemenukuwo katã ƒe akpa atɔ̃lia na Farao. Nuku siwo woƒã ɖe nunɔlawo ƒe anyigba dzi la koe mele eme o.
Yosef do ŋugbe na fofoa
27 Ale Israel nɔ Gosenyigba dzi le Egipte. Nuwo de asi nyonyo me na Israelviwo kabakaba, eye wodzi sɔ gbɔ fũu. 28 Yakob ganɔ agbe ƒe wuiadre esime wòva ɖo Gosen, ale exɔ ƒe alafa ɖeka blaene-vɔ-adre hafi ku. 29 Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o. 30 Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia. 31 Israel ƒoe ɖe enu be, “Ka atam nam be yeawɔe.” Yosef ka atam la. Tete Israel gamlɔ eƒe aba dzi.