49
Yakob gblɔ eƒe nya mamlɛtɔwo na viawo, eye wòyra wo
Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi. Miɖo tom, Yakob ƒe viwo, miɖo to Israel, mia fofo.
“Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ,
nye ɖekakpuimevi.
Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu.
Ke mèdzea akɔ anyi o;
èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene;
màgadze gbãtɔ azɔ o.
Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu,
eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.
 
“Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ.
Wonye ame siwo wɔa sesẽnu
kple nu madzɔmadzɔ.
O, nye luʋɔ, ɖe ɖa le ame siawo ŋu.
Nyematɔ ɖe woƒe nu vɔ̃ɖiwo dzi gbeɖe o.
Elabena wowu ame aɖe le woƒe dɔmedzoe me,
eye wode abi nyiwo ŋu dzodzro abe fefenu ene.
Woaƒo fi ade woƒe dɔmedzoe,
elabena enu sesẽ, eye wòvɔ̃ɖi. Mama wo ɖe Yakob ƒe viwo dome,
eye makaka woƒe dzidzimeviwo le Israel.
 
“Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo.
Fofowòviwo ade ta agu na wò.
Yuda nye dzatavi;
si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu.
Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene;
eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe?
10 Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o
va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava,
ame si amewo katã abu.
11 Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu,
eye wònya eƒe awuwo le wain me.
12 Eƒe ŋkuwo biã wu wain,
eye eƒe aɖuwo fu wu notsi.
 
13 “Zebulon anɔ ƒuta, eye wòanye tɔdziʋuwo dzeƒe.
Eƒe anyigba akeke ade keke Sidon.
 
14 “Isaka nye tedzi agbatsɔlã sesẽ aɖe si
le dzudzɔm le lãkpowo dome.
15 Esi wòkpɔ ale si teƒea nya kpɔna
kple ale si anyigba la nyoe la,
elɔ̃ dze dɔ la dzi, eye wòsubɔ eƒe aƒetɔ kple ŋusẽ.
 
16 “Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene.
17 Anye da si ɖua afɔkpodzi na sɔ le mɔ dzi,
eye sɔdola dzea anyi la.
18 Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.
 
19 “Adzoblasuwo ƒe ha adze Gad dzi,
ke eya anya wo ɖe du nu.
 
20 “Aser la, nuɖuɖu siwo nyo na fiawo la aʋã nɛ fũu.
 
21 “Naftali nye zinɔ si ɖea abla,
eye wògblɔa nya viviwo la.
 
22 “Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to,
eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi.
23 Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii.
24 Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ
eye eƒe asi le tsɔtsɔm
elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ,
alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe
25 Mia fofowo ƒe Mawu,
Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo
kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu,
wòana nàdzi asɔ gbɔ,
26 wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo
nawɔ na wò fũu, eye wòatsɔ
yayra siwo ade kekeke togbɛ siwo anɔ anyi
tegbee ƒe liƒowo dzi la na wò.
Yayra siawoe ava Yosef,
ame si woɖe aboyoe le nɔviawo dome la dzi.
 
27 “Benyamin nye amegaxi si léa nu.
Evuvua eƒe futɔwo le ŋdi,
eye wòmaa nu si wòlé la le fiẽ.”
28 Esiawoe nye yayra siwo wo fofo Israel kɔ ɖe via wuieveawo dzi.
Yakob ƒe ku
29 Eye wòɖo nu siawo na wo: “Esusɔ vie mayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe fofonyewo gbɔ ɖe kpeto la me le Efrɔn, Hititɔ la ƒe anyigba dzi, 30 ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba si te ɖe Mamre ŋu le Kanaanyigba dzi la. Abraham ƒle teƒe sia abe ameɖiƒe ene le Efrɔn, Hititɔ la gbɔ kpe ɖe anyigba la ŋu. 31 Afi ma woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afi ma ke meɖi Lea hã ɖo. 32 Enye kpeto si tɔgbuinye Abraham ƒle le Het ƒe viŋutsuwo si.”
33 Esi Yakob wu eƒe nyagblɔɖiawo na viawo nu la, emlɔ anyi azɔ ɖe eƒe abati dzi, eye wòku.