16
“Megblɔ nya siawo katã na mi bena miagatra mɔ o. Woaɖe mi le woƒe hame, eye le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe gbɔna la, ne ame aɖe wu mi hã la, asusu be Mawu ƒe dɔ wɔm yele. Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o. Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ
“Azɔ medzo yina ame si dɔm la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia be, ‘Afi ka nèyina?’ o. Esi megblɔ nya siawo la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa. Gake nyateƒe gblɔm mele na mi be enyo be madzo le mia gbɔ. Ne nyemedzo o la, Nyaxɔɖeakɔla la mava mia gbɔ o; gake ne medzo la, maɖoe ɖe mi.
“Ne eva la, ana xexea me nadze si eƒe nu vɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, elabena le nu vɔ̃ ŋuti la, amewo mexɔ dzinye se o. 10 Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o, 11 eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.
12 “Nya geɖe le asinye be magblɔ na mi, gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o. 13 Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye Nyateƒegbɔgbɔ la va la, ana miase nyateƒe ɖe sia ɖe gɔme. Magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu la o, ke boŋ agblɔ nya siwo wòse la ko, eye wòagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi. 14 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia, elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye. 15 Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee. Esia ta megblɔ be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye ɖo.”
Nusrɔ̃lawo ƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔkpɔkpɔ
16 Yesu gagblɔ be, “Esusɔ vie miagakpɔm o, eye esusɔ vie miagakpɔm.” 17 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututu gblɔm wòle be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.’ Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’ 18 ‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nya siwo gblɔm wòle la gɔme o.”
19 Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma? 20 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be miafa avi, eye miaxa nu, ke xexea me ya akpɔ dzidzɔ. Miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa atrɔ azu dzidzɔkpɔkpɔ. 21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me. 22 Nenema ke wòle na miawo hã fifia: Fifia la, miaxa nu, gake magakpɔ mi, eye miakpɔ dzidzɔ, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o. 23 Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi. 24 Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
Meɖu xexea me dzi
25 “Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu. 26 Le ŋkeke mawo me la, miabia nu Fofo la le nye ŋkɔ me. Nyemele gbɔgblɔm be mabia nu Fofo la ɖe mia nu o. 27 Ao, Fofo la ŋutɔ lɔ̃ mi, elabena mielɔ̃m, eye miexɔe se be metso Mawu gbɔ. 28 Fofo la gbɔe metso va xexea me, eye megatrɔ yina ɖe Fofo la gbɔ.”
29 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Azɔ la, èle nu ƒom na mí faa, menye le lododowo me o. 30 Azɔ la, míenyae bena ènya nu sia nu, eye megahiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia ta míexɔe se be, Mawu gbɔ nètso va.”
31 Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa? 32 Gaƒoƒo aɖe li gbɔna, eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime woade zi mia dome, eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me. Miagblẽm ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim. 33 Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi.”