20
Yɔdo ƒuƒlu la
(Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Luka 24:1-12)
Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa.
Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!” Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ. Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo.
Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o. Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba, kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi. Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã. (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)
10 Azɔ nusrɔ̃lawo trɔ yi aƒe me.
Yesu ɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ
(Marko 16:9-11)
11 Ke Maria tɔ ɖe yɔdo la to nɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdo la me ɖa, 12 kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde.
13 Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?”
Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”
14 Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o.
15 Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?”
Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”
16 Yesu yɔe be, “Maria!”
Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”).
17 Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”
18 Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo.
Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo
(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Luka 24:36-49)
19 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.” 20 Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la.
21 Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.” 22 Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 23 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.”
Yesu ɖe eɖokui fia Toma
24 Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o. 25 Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”
26 Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.” 27 Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”
28 Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!”
29 Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”
30 Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o. 31 Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.