7
Yesu nɔviŋutsuwo ƒe dzimaxɔse
Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui. Gake esi Yudatɔwo ƒe Agbadɔmeŋkekenyui la tu aƒe la, Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la. Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o, eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nàɖe ɖokuiwò afia xexea me.” Nɔviawo gblɔ esia, elabena womexɔ edzi se o.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o, ke miawo la, ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nyo na mi. Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi. Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.” Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me.
10 Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi Ŋkekenyui la ɖuƒe. Ke eyi le bebeme. 11 Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe, eye wonɔ eta biam be, “Afi ka ŋutsu ma le?”
12 Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le amehawo dome. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame nyui.”
Ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔ wònye le amewo flum.” 13 Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo.
Yesu fia nu le Ŋkekenyui la ɖuƒe
14 Esi ŋkekenyui la ƒe afã nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi nufiafia amewo me. 15 Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia be, “Aleke ame sia wɔ nya nu siawo, togbɔ be mede suku aɖeke o?”
16 Yesu ɖo eŋu be, “Nye la, nyemele nu siwo menya la fiam o, ke boŋ etso Mawu si dɔm ɖa la gbɔ. 17 Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo. 18 Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o. 19 Ɖe Mose metsɔ seawo na mi oa? Gake mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o. Ke nu ka ta miedi be yewoawum ɖo?”
20 Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”
21 Yesu gblɔ na wo be, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ, eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa. 22 Ke Mose fia aʋatsotso mi, eye mietsoa aʋa na mia viwo le Dzudzɔgbe ŋkekea gɔ̃ hã dzi. (Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.) 23 Azɔ la, nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Dzudzɔgbe dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ta miele dɔmedzoe dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Dzudzɔgbe dzi? 24 Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”
Ame siae nye Kristo la?
25 Yerusalemtɔ aɖewo bia be, “Menye ame si dim wole be yewoawu lae nye esia oa? 26 Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la? 27 Míenya afi si ame sia tso. Ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”
28 Esi Yesu ganɔ nu fiam le gbedoxɔa me la, edo ɣli be, “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso. Nyemeva afi sia le ɖokuinye si o; ame si dɔm la nye nyateƒetɔ. Miawo la, mienyae o, 29 gake nye la menyae, elabena nye kplie li hafi wòdɔm.”
30 Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu ka asi eŋu o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.
31 Ame geɖe siwo nɔ ameha la dome la xɔ edzi se. Wogblɔ be, “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunuwo wu esiwo ame sia wɔa?”
Wodɔ asrafowo ɖa be woalé Yesu
32 Farisitɔwo se nya siwo gblɔm ameha la le tso eŋu. Ale nunɔlagãwo kple Farisitɔwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa be woayi aɖalée. 33 Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ hafi matrɔ ayi ame si dɔm la gbɔ. 34 Miadim, gake miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyina la o.”
35 Yudatɔwo bia wo nɔewo be, “Afi ka wòle ɖoɖo wɔm be yeadzo ayi, eye míate ŋu akpɔe o? Ɖe wòyina mía nɔvi siwo kaka ɖe Grikitɔwo dome la gbɔ be yeafia nu Grikitɔwoa? 36 Nu ka tututu wòwɔnɛ, esi wògblɔ be, ‘Miadim, gake miakpɔm o,’ eye ‘Miate ŋu ava afi si meyi la o.’ ”
37 Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi. 38 Elabena mawunya gblɔ be, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’ ” 39 Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.
Mama ɖo ameawo dome
40 Esi ameha la se nya si wògblɔ la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila la.”
41 Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la.”
Ke ame bubu aɖewo bia be, “Ɖe Kristo la ate ŋu atso Galilea mahã? 42 Ɖe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome me kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?” 43 Ale mama ɖo ameawo dome ɖe Yesu ta. 44 Ame aɖewo di vevie be yewoalée, gake wo dometɔ aɖeke meka asi eŋu o.
Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ƒe dzimaxɔse
45 Mlɔeba la, gbedoxɔŋudzɔlawo trɔ yi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be, “Nu ka ta mielée vɛ o ɖo?”
46 Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”
47 Farisitɔawo gblɔ na wo be, “Ɖe ŋutsu sia ble miawo hã? 48 Ɖe dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe xɔ ame sia dzi sea? 49 Gbeɖe! Ne ameha gã sia, ame siwo menya naneke tso se la ŋu o lae xɔ edzi se la, fiƒode le ame siawo dzi!”
50 Nikodemo, ame si nye Farisitɔwo dometɔ ɖeka, ame si yi Yesu gbɔ le zã me la bia etɔwo be, 51 “Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”
52 Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me, eye nàkpɔ be Nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!”
[ 53 Ale takpekpea kaka, eye ame sia ame dzo yi eƒe aƒe me.