2
Israel gbe nu le Mawu gbɔ
Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be, “Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be,
 
“Ale Yehowa gblɔe nye si:
“ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi,
kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ.
Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo
kple kuɖiɖinyigba dzi.
Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa,
eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo,
ame siwo katã ʋuʋui la,
dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ ”
Yehowae gblɔe.
 
Se Yehowa ƒe nya, O Yakob ƒe aƒe,
mi Israel ƒe aƒe la ƒe towo katã.
Ale Yehowa gblɔe nye si.
“Vodada kae mia fofowo kpɔ le ŋunye be
wotra ɖa tso gbɔnye nenema gbegbe?
Wokplɔ legba maɖinuwo ɖo
eye woawo ŋutɔ hã zu nu maɖinuwo.
Womebia be, ‘Afi ka Yehowa,
ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe,
afi si nuku mewɔna le o,
to gbedadaƒo kple aganuwo,
to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me,
anyigba si dzi ame aɖeke metona
alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.
Mekplɔ mi va anyigba si nyoa nu la dzi be
miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo,
gake mieva do gu nye anyigba
eye miewɔ nye domenyinu wòzu ŋunyɔnu.
Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o.
Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o.
Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye.
Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me
eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.”
 
Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu,
eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti.
10 Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo
ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu.
Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku
ɖe nuwo ŋu nyuie.
Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã.
11 Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa?
Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o;
gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe
ɖɔli legba maɖinuwoe.
12 O, dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta,
eye miadzo nyanyanya kple ŋɔdzi gã.”
Yehowae gblɔe.
13 “Nye dukɔ wɔ nu vɔ̃ eve.
Wogbe nu le nye agbetsivudo la
gbɔ eye woɖe woawo ŋutɔ ƒe tsiʋewo,
tsiʋe siwo ŋɔ eye tsi mate ŋu atɔ ɖe wo me o.
14 Subɔvi alo kluvie Israel nye tso dzidzimea?
Ke nu ka ta wòva zu nuhaha ɖo?
15 Dzatawo ɖe gbe, wole gbe tem ɖe eŋu.
Wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe.
Wotɔ dzo eƒe duwo eye wozu aƒedowo.
16 Memfistɔwo kple Tapanhestɔwo hã
ƒlɔ dzodome na wo.
17 Ɖe menye miawo ŋutɔe he esia
va mia ɖokui dzii esi miegbe Yehowa,
miaƒe Mawu la esi wòkplɔ mi le mɔ dzi oa?
18 Azɔ nu ka ta miebe yewoayi ɖe Egipte,
aɖano Sihor me tsi?
Eye nu ka ta miayi Asiria be
miano Frat tɔsisi me tsi?
19 Miaƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ahe to na mi
eye miaƒe megbedede aka mo na mi.
Bu eŋu nàdze si ale si wòavɔ̃ɖi na wò,
ahave wòe esi nègblẽ Yehowa,
wò Mawu la ɖi, eye mèvɔ̃m o la ta.”
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
 
20 “Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti,
eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena,
‘Nyemasubɔ wò o!’
Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene
ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi
kple ati dama ɖe sia ɖe te.
21 Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã
siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene.
Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu
abe wainka si mie le eɖokui si la ene?
22 Togbɔ be èle tsi kple adzalẽ
eye nèle adzalẽ ʋeʋĩ geɖe hã la,
wò nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo gale nye ŋkume kokoko.”
Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
23 “Nu ka ta nàgblɔ be,
‘Nyemeɖu kɔ o,
nyemeƒu du dze Baalwo yome o?’
Kpɔ ale si nèwɔ le balime la ɖa.
Bu nu si nèwɔ la ŋu kpɔ.
Èle abe kposɔnɔ si ɖia du
eye wòle du sim tso afi yi afi mɛ la ene.
24 Èle abe gbetedzi si nyagbegbe nyuie hele ya ʋẽm
kple eƒe ŋɔti le eƒe fieŋufieŋu me la ene.
Ne asiyɔyɔ le edzrom la,
ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?
Mehiã gɔ̃ hã be atsu siwo le eyome tim la
nakplɔe ɖo ɖeɖi nate wo ŋuti o
elabena ne eɖo asiyɔyɔ dzi la,
woake ɖe eŋu bɔbɔe.
25 Mègaƒu du va se ɖe esime wò afɔwo natsi ƒuƒlu,
eye wò ve me naƒu kplakplakpla o.
Gake, ègblɔ be, ‘Mehiã o;
melɔ̃ dutamawuwo eya ta
ele nam be mati wo yome.’
 
26 “Abe ale si ŋu kpea fiafitɔ ne asi su edzi ene la,
nenema ke ŋu akpe Israel ƒe aƒe la,
woƒe fiawo, woƒe dumegãwo,
woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo.
27 Wogblɔna na ati be, ‘Wòe nye fofonye.’
Wogblɔna na kpe be, ‘Wòe dzim.’
Wotrɔ woƒe megbe dem
ke menye woƒe ŋkume o,
gake ne woɖo xaxa me la, wogblɔna be,
‘Va, nàɖe mí!’
28 Ekema afi ka gɔ̃e mawu siwo miewɔ
na mia ɖokuiwo la le?
Woneva ne woate ŋu aɖe mi,
ne mieɖo xaxa me!
O Yuda, wò mawuwo sɔ gbɔ
abe wò duwo ene.”
 
29 Yehowa be, “Nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋutinye ɖo?”
Evɔ mi katã miedze aglã ɖe ŋutinye.
30 “Dzodzroe mehe to na wò amewo,
elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o.
Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene.
31 “O dzidzime sia, mibu Yehowa ƒe nya ŋu.
“Gbegbee menye na Israel loo
alo viviti tsiɖitsiɖi ƒe anyigba?
Nu ka ta nye dukɔ le gbɔgblɔm be,
‘Ablɔɖe le mía si be míatsa
eya ta miagatrɔ ava gbɔwò o?’
32 Ɖe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be
alo ŋugbetɔ naŋlɔ eƒe lekewɔnuwo bea?
Gake nye dukɔ ŋlɔm be hena ɣeyiɣi didi aɖe.
33 Aleke nèhenya ahiãdidii!
Nyɔnu siwo bi ɖe ŋunyɔnuwo wɔwɔ
me hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔwò.
34 Amewo kpɔ ame maɖifɔ dahewo
ƒe ʋu le wò awuwo me,
evɔ mèlé wo wonɔ ʋɔ gbãm hafi o,
gake le esiawo katã megbe hã la,
35 ègblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o.
Mekpɔ dziku ɖe ŋutinye o.’
Ke madrɔ̃ ʋɔnu wò elabena ègblɔ be,
‘Nyemewɔ nu vɔ̃ o.’
36 Nu ka ta nèle yiyim nenema gbegbe
le wò mɔwo trɔm?
Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria hã
na ŋu kpe wò ene.
37 Àtsɔ asi akpla ta hafi adzo le teƒe ma hã
elabena Yehowa gbe nu le ame siwo dzi nèka ɖo la gbɔ.
Eya ta womakpe ɖe ŋuwò o.