15
Teƒe si wona Yuda
Anyigba si wotsɔ na Yuda ƒe viwo la ƒe anyigbemeliƒo dze egɔme tso Edom ƒe dzigbemeliƒo dzi, tso Zin gbegbe la, eye wòtɔ Negeb ƒe dzieheliƒo.
 
Dzieheliƒo sia tso Dzeƒu alo Ƒukuku la to le anyigbeme ɖo ta dziehe tso Akrabim to dzi mɔ la gbɔ heyi Zin. Eɖo ta dziehe to Kades Barnea, to Hezron heyi Adar, trɔ ɖo ta Karka, eye wòyi Azmon. Eto tɔʋu si le Egipte ƒe liƒo dzi la ŋu heyi ɖatɔ Domeƒu la. Esia nye Yuda ƒe anyigbemeliƒo.
Ɣedzeƒeliƒo la tso Dzeƒu la ŋu yi Yɔdan tɔsisi la nu.
Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yɔdan tɔsisi la de nu Dzeƒu la me le, hetso eme yi Bet Hogla, Bet Araba ƒe anyiehe yi Bohan, Ruben ƒe vi ƒe kpe la gbɔ. Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel. Liƒo la to Ben Hinom ƒe Balime azɔ, to Yebus, afi si wotso Yerusalem ɖo ƒe dziehe lɔƒo, to ɣetoɖoƒe yi toawo dzi le Ben Hinom ƒe Balime tame heyi ɖase ɖe Refaim ƒe balime ƒe seƒe le dzigbeme. Egatso to la tame heyi Nef to la ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi du siwo le Efrɔn to dzi la gbɔ hafi trɔ ɖo ta dzigbeme, ƒo xlã Baala (si wogayɔna be Kiriat Yearim) 10 ɖo ta Edom ƒe to Seir gbɔ, yi Yearim to alo Kesalon ƒe dzigbeme, yi Bet Semes heto Timna ŋu. 11 Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.
12 Ke ɣetoɖoƒeliƒo enye ƒu gã la kple eŋu nyigbawo.
 
Esia nye Yudaviwo ƒe liƒo godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu.
Israelviwo xɔ Yeriko
13 Yehowa gblɔ na Yosua be wòatsɔ Yuda ƒe anyigba ƒe akpa aɖe na Kaleb, Yefune ƒe vi la. Ale wotsɔ Arba du si wogayɔna be Hebron, du si wotsɔ Anak fofo ƒe ŋkɔ na la na Kaleb. 14 Esia ta Kaleb nya Anak ƒe vi etɔ̃awo, Talmai, Sesai kple Ahiman ƒe dzidzimeviwo le anyigba la dzi, 15 eye wòwɔ aʋa kple ame siwo nɔ Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la me. 16 Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi. 17 Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a. 18 Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti.
Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”
19 Axsa ɖo eŋu be, “Na nu bubu aɖem, elabena anyigba si nènam la nye gbegbe sɔŋ! Na teƒe si tsi le lam.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo si le to dzi kple balime la nɛ.
 
20 Esiae nye anyigba si wona Yuda ƒe viwo.
 
21 Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye:
Kabzeel, Eder, Yagur, 22 Kina, Dimona, Adada, 23 Kedes, Hazor, Itnan, 24 Zif, Telem, Bealot, 25 Hazor Hadata, Keriot Hezron (si nye Hazor), 26 Aman, Sema, Molada, 27 Hazar Gada, Hesmon, Bet Pelet, 28 Hazar Sual, Beerseba, Biziotia, 29 Baala, Im, Ezem, 30 Eltolad, Kesil, Horma, 31 Ziklag, Madmana, Sansana, 32 Lebaot, Silhin, Ain kple Rimon. Du siawo katã de blaeve-vɔ-asiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
33 Du siwo wotsɔ na Yuda ƒe viwo le gbadzaƒe la woe nye:
Estaol, Zora, Asna, 34 Zanoa, En Ganim, Tapua, Enam, 35 Yarmut, Adulam, Soko Azeka, 36 Saaraim, Aditaim, Gedera (alo Gederotaim). Du siawo nye du wuiene kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
37 Wogatsɔ du wuiade kple woƒe kɔƒewo na Yuda ƒe viwo. Du siawoe nye: Zenan, Hadasa, Migdal Gag, 38 Dilean, Mizpeh, Yɔkteel, 39 Lakis, Bozkat, Eglon, 40 Kabon, Lahmas, Kitlis, 41 Gederot, Bet Dagon, Naama, Makeda,
42 Libna, Eter, Asan, 43 Yefta, Asna, Nezib,
44 Keila, Akzib kple Maresa. Du siawo le asiekɛ kple wo ŋu kɔƒeduwo.
45 Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me.
46 Liƒo la gatso Ekron yi ɖatɔ Domeƒu la, eye du kple kɔƒe siwo te ɖe Asdod ƒe liƒo ŋu la hã le anyigba la me kpe ɖe Asdod du la kple eƒe kɔƒewo, 47 Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu.
48 Wogatsɔ du blaene-vɔ-ene siawo kple wo ŋu kɔƒewo le tonyigba la dzi hã na Yuda ƒe viwo:
Samir, Yatir, Soko, 49 Dana, Kiriat Sana (si nye Debir), 50 Anab, Estemo, Anim, 51 Gosen, Holon, Giloh, 52 Arab, Duma, Esam, 53 Yanim, Bet Tapua, Afeka, 54 Humta, Kiriat Arba (alo Hebron) kple Zior. Dus siawo le asieke kple woƒe kɔƒeduwo.
55 Maon, Karmel, Zif, Yuta, 56 Yezreel, Yokdeam, Zanoah, 57 Kain, Gibea kple Timna. Du siawo le ewo kple woƒe kɔƒeduwo.
58 Halhul, Bet Zur, Gedor, 59 Maarat, Bet Anot, Eltekon. Du siawo le ade kple woƒe kɔƒeduwo.
60 Kiriat Baal (si wogayɔna hã be Kiriat Yearim) kple Raba. Du siawo le eve kple woƒe kɔƒeduwo.
61 Bet Araba, Midin, Sekaka, 62 Nibsan, Dzedu la kple En Gedi. Du ade kple woƒe kɔƒeduwo.
63 Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe.