17
Anyigba si wona Yosef ƒe vi tsitsitɔ, Manase, ƒe to ƒe afã
Wotsɔ Gilead kple Basan ƒe anyigbawo, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na Makir, Manase ƒe vi tsitsitɔ, ame si nye Gilead fofo, elabena wonye aʋawɔla sesẽwo, eya ta, azɔ la, wotsɔ anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la na hlɔ̃ siwo dzɔ tso Abiezer, Helek, Asriel, Sekem, Semida kple Hefer me.
Viŋutsu aɖeke menɔ Zelofehad si o, Zelofehad fofoe nye Hefer, ame si fofoe nye Gilead, ame si fofoe nye Makir, ame si hã fofoe nye Manase. Vinyɔnu atɔ̃ koe nɔ esi, woawoe nye: Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.
Nyɔnu siawo va nunɔla Eleazar kple Nun ƒe vi Yosua kpakple Israel ƒe kplɔlawo gbɔ, eye woɖo ŋku edzi na wo be, “Yehowa gblɔ na Mose be míaxɔ domenyinu abe ŋutsu siwo le míaƒe to la me ene tututu,” eya ta abe ale si Yehowa ɖoe da ɖi ene la, wona anyigba wo abe ŋutsuawo ene. Le esia ta la, Manase xɔ mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan ŋu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe esi wona anyigba eƒe dzidzimevi siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ta. Wotsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe dzidzimevi bubuawo.
Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyigbemeliƒo ɖo ta anyigbeme lɔƒo tso Aser ƒe liƒo dzi yi Mixmetat, le Sekem ƒe ɣedzeƒe. Le anyigbeme la, liƒo la tso Mixmetat yi Tapua ƒe vudo gbɔ. Tapuanyigba nye Manase ƒe viwo tɔ, ke Tapua du la, si le Manase ƒe viwo ƒe anyigba ƒe liƒo dzi la nye Efraim ƒe viwo tɔ. Manase ƒe viwo ƒe liƒo la to Tapua ƒe vudo la ŋu to Kana tɔʋu la ƒe dziehe yi Domeƒu la ŋu. Du geɖe siwo nɔ tɔʋu la ƒe dziehe la nye Efraim ƒe to la tɔ togbɔ be wonɔ Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi hã. 10 Wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe dziehe heyi keke Domeƒu la ƒe ɣetoɖoƒe la na Efraim ƒe viwo, eye wotsɔ anyigba si le tɔʋu la ƒe anyiehe kple atsiaƒu la ƒe ɣedzeƒe la na Manase ƒe viwo. Woƒe anyieheliƒoe nye Aser ƒe viwo ƒe anyigba. Woƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Isaka ƒe viwo ƒe anyigba.
11 Wotsɔ Bet Sean, Ibleam, Dor, Endor, Taanak Megido afi si to etɔ̃ nɔ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la na Manase ƒe viwo ƒe to afã togbɔ be wonɔ anyigba siwo wona Isaka ƒe viwo kple Aser ƒe viwo dzi hã. 12 Esi Manase ƒe dzidzimeviwo mete ŋu nya ame siwo nɔ du mawo me ɖa o ta la, Kanaantɔ mawo tsi anyi. 13 Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ emegbe la, wozi Kanaantɔwo dzi, eye wosubɔa wo abe kluviwo ene.
14 Yosef ƒe to eveawo me tɔwo va bia Yosua be, “Nu ka ta nèna anyigba ɖeka ko mí le esime Yehowa na míedzi sɔ gbɔ ale?”
15 Yosua gblɔ na wo be, “Ne Efraim ƒe tonyigba melolo na mi o la, ekema miƒo avenyigba si dzi Perizitɔwo kple Refaimtɔwo le.”
16 Yosef ƒe amewo ɖo eŋu be, “Tonyigba la melolo na mí o, ke gatasiaɖamwo le Kanaantɔ siwo le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet Sean kple du siwo ƒo xlãe kple esiwo le Yezreel ƒe balime la si.”
17 Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe, Efraim ƒe vi kple Manase ƒe vi siwo nɔ ɣetoɖoƒe la be, “Miesɔ gbɔ nyateƒe, eye miesẽa ŋu ŋutɔ, eya ta ele be miaxɔ anyigba wòalolo. 18 Tonyigba la anye mia tɔ togbɔ be enye anyigba si dzi ave le hã la, miƒo avea, eye miaxɔ anyigba la tso eƒe liƒo sia dzi yi liƒo kemɛ dzi togbɔ be gatasiaɖamwo le Kanaantɔwo si, eye wonye dukɔ sesẽ aɖe hã la, mianya wo ɖa le anyigba la dzi.”