19
Teƒe si wona Simeon
Simeon ƒe viwo nye to evelia si wona anyigbae. Yuda ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe ge ɖe Simeon ƒe viwo tɔ me. Du wuiadre kple wo ŋu kɔƒe siwo nɔ anyigba si wona Simeon ƒe viwo me la woe nye:
Beerseba, Seba, Molada, Hazar Sual, Bala, Ezem, Eltolad, Betul, Horma, Ziklag, Bet Markabot, Hazar Susa, Bet Lebaot kple Saruhen. Du asieke kple woƒe kɔƒeduwo.
Ain, Rimon, Eter kple Asan. Du ene kple woƒe kɔƒeduwo. Wotsɔ du siwo nɔ anyigbeme yi keke Balat Beer, si wogayɔna be (Rama le Negeb) la.
Esiawo hã wotsɔ na Simeon ƒe viwo. Ale Simeon ƒe viwo ƒe domenyinu tso nu si wotsɔ na Yuda ƒe viwo gbã la me, elabena nu si wona Yuda ƒe viwo gbã la lolo na wo akpa.
Teƒe si wona Zebulon
10 To etɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Zebulon ƒe viwo.
Woƒe anyigba la ƒe liƒo dze egɔme tso Sarid ƒe anyigbeme. 11 Eƒo xlã tso afi sia yi ɣetoɖoƒe, te ɖe Marala kple Dabeset ŋu va ɖo Yokneam tɔʋu la ŋu. 12 Le go kemɛ dzi la, liƒo la ɖo ta ɣedzeƒe va ɖo Kislot Tabor ƒe liƒo dzi, heyi Daberat kple Yafia. 13 Eyi ŋgɔ ɖo ta Gat Hefer, Et Kazin kple Rimono ƒe ɣedzeƒe hafi trɔ ɖo ta Nea. 14 Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba ƒe anyieheliƒo to Hanaton hewu nu ɖe Ifta El ƒe balime.
15 Kata, Nahalal, Simron, Idala kple Betlehem kple du sue siwo ƒo xlã wo la hã nɔ woƒe anyigba me.
16 Du wuieve siawo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la nɔ Zebulon ƒe viwo ƒe anyigba me.
Teƒe si wona Isaka
17 To enelia si wona anyigbae lae nye Isaka ƒe viwo ƒe ƒomewo. 18 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:
Yezreel, Kesulot, Sunem, 19 Hafaraim, Siɔn, Anaharat, 20 Rabit, Kision, Ebez, 21 Remet, En Ganim, En Hada, Bet Pazez.
22 Liƒo la va ke ɖe Tabɔr, Sahazuma kple Bet Semes heva wu nu ɖe Yɔdan nu.
Wonye du wuiade kple du sue siwo ƒo xlã wo.
23 Du wuiade siawo kple du sue siwo ƒo xlã wo lae nɔ anyigba la dzi. Isaka ƒe viwo ƒe anyigba yi ɖatɔ Yɔdan tɔsisi la.
Teƒe si wona Aser
24 To atɔ̃lia si wona anyigbae lae nye Aser. 25 Du siwo nɔ Aser ƒe viwo ƒe anyigba dzi la woe nye:
Helkat, Hali, Beten, Aksaf, 26 Alamelek, Amad kple Misal. Anyigba sia ƒe ɣedzeƒeliƒo tso Karmel yi Sihor Libnat 27 ɖo ta ɣedzeƒe to Bet Dagon yi keke Zebulon le Ifta El ƒe balime. Etrɔ ɖo ta Bet Emek kple Neiel ƒe anyiehe, eye wòyi ɣedzeƒe na Kabul, 28 Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ. 29 Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib, 30 Uma, Afek kple Rehob.
Wonye du blaeve-vɔ-eve kple kɔƒeduwo
31 Aser viwo ƒe anyigba me duwo de blaeve-vɔ-eve kpe ɖe du sue siwo ƒo xlã wo la ŋu.
Teƒe si wona Naftali
32 To adelia si wona anyigbae lae nye Naftali.
33 Eƒe liƒo dze egɔme tso Helef, le ʋuti si le Zaananim gbɔ. Eyi Adami Nekeb, Yabneel kple Lakum hetɔ Yɔdan tɔsisi la. 34 Eƒe ɣetoɖoƒeliƒo dze egɔme tso Helef, dze to Aznɔt Tabɔr ŋu yi Hukok hewɔ ɖeka kple Zebulon ƒe liƒo le dziehe. Anyigba sia ƒe liƒo gawɔ ɖeka kple Aser ƒe viwo tɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. Eƒe ɣedzeƒeliƒoe nye Yɔdan tɔsisi la.
35 Du siwo woɖo gli ƒo xlã le anyigba la dzi la woe nye: Zidim, Zer, Hamat, Rakat, Kineret, 36 Adama, Rama, Hazor, 37 Kedes, Edrei, En Hazor, 38 Yirɔn, Migdalel, Horem, Bet Anat kple Bet Semes.
Wonye du wuiasiekɛ kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo.
39 Ale du siwo nɔ Naftali ƒe viwo ƒe anyigba dzi la le wuiasiekɛ kpe ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu.
Teƒe si wona Dan
40 To mamlɛtɔ si wona anyigbae lae nye Dan. 41 Du siwo nɔ anyigba sia dzi la woe nye:
Zora, Estaol, Ir Semes, 42 Salabin, Aiyalon, Itla, 43 Elon, Timna, Ekron, 44 Elteke, Gibeton, Baalat, 45 Yehud, Bene Berak, Gat Rimon, 46 Me Yakɔn kple Rakɔn kple anyigba si te ɖe Yopa ŋu.
47 (Dan ƒe viwo mete ŋu xɔ anyigba la bɔbɔe o, eya ta wowɔ aʋa kple Lesen du la, eye woxɔe. Wonɔ afi ma, eye wotsɔ wo tɔgbui Dan ƒe ŋkɔ na teƒea).
48 Du siawo kple wo ŋu kɔƒe siwo ƒo xlã wo nye domenyinu si Dan ƒe viwo xɔ.
Teƒe si wona Yosua
49 Ale woma anyigba la ɖe toawo dome, eye wode liƒo wo ŋu. Israel dukɔ la tsɔ anyigba la ƒe akpa tɔxɛ aɖe na Nun ƒe vi Yosua, 50 elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma.
 
51 Nunɔla Eleazar, Yosua kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo kpɔ akɔdada la dzi hena anyigba la mama ɖe toawo dome. Woda akɔ sia le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu le Silo.