4
Yɔdan tɔsisi la me ƒe kpe wuieveawo
Esi ameawo katã tso tɔsisi la dedie la, Yehowa gblɔ na Yosua bena, “Tia ame wuieve tso Israel dukɔ la me, ame ɖeka tso to ɖe sia ɖe me, eye nàgblɔ na wo be: woatsɔ kpe wuieve tso teƒe si tututu nunɔlaawo tsi tsitre ɖo le Yɔdan tɔsisi la titina; woatsɔ kpe wuieve siawo ayi ɖe teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo le zã sia me.”
Ale Yosua yɔ ame wuieve siwo wòtia tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me, eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yɔdan tɔsisi la titina, afi si nubablaɖaka la le; mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta tso afi ma. Kpeawo ƒe xexlẽme nanɔ wuieve, ɖeka ɖe to wuieveawo dometɔ ɖe sia ɖe nu. Mitsɔ wo tu ŋkuɖodzikpe ale be ne mia viwo abia mi gbe aɖe gbe be, ‘Nu kae ŋkuɖodzikpe sia le fiafiam mahã?’ la, miagblɔ na wo be, Yɔdan tɔsisi la dzudzɔ sisi le nubablaɖaka la ŋgɔ. Esi wòtso Yɔdan tɔsisia la, tsi la ƒe sisi nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzikpe na Israelviwo tegbetegbe.”
Israelviwo wɔ abe ale si Yosua ɖo na wo ene pɛpɛpɛ. Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la titina, kpe ɖeka ɖe to ɖeka ɖe sia ɖe nu, abe ale si Yehowa ɖo na Yosua ene tututu. Wokɔ kpeawo yi afi si woƒu asaɖa anyi ɖo le zã ma me hewɔ ŋkuɖodzikpe aɖe ɖe afi ma. Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe. 10 Nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la, tsi tsitre ɖe tɔsisi la titina va se ɖe esime wowɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa gblɔ na Yosua to Mose dzi la dzi. Ameawo ɖe abla zɔ tɔʋu ƒuƒui la me. 11 Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.
12 Ŋutsu siwo tso Ruben kple Gad ƒe towo me kple Manase ƒe to afã me la bla akpa na aʋawɔwɔ, eye wodze ŋgɔ na Israelviwo abe ale si Mose ɖo na wo ene. 13 Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo.
14 Gbe ma gbe nye ŋkeke gã aɖe na Yosua, elabena Yehowa de bubu gã aɖe eŋu le Israelviwo katã ŋkume. Ale wobui, eye wovɔ̃e abe Mose ene le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
15 Yehowa gblɔ na Yosua be 16 wòaɖe gbe na nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la be woado go le Yɔdan tɔsisi la me. 17 Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe nya sia dzi, 18 eye esi nunɔlawo ɖo afɔ tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi ko la, tɔsisi la gade asi sisi me, eye wògagbagba ɖe eƒe gowo dzi abe tsã ene. 19 Nukunu sia va eme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi. Gbe ma gbe la, Israel dukɔ blibo la tso Yɔdan tɔsisi la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yeriko ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 20 Wokɔ kpe wuieveawo tso Yɔdan tɔsisi la me tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi ma.
21 Yosua gaɖe nu si ŋkuɖodzikpe la le fiafiam la gɔme na Israelviwo hegblɔ be, “Ne mia viwo va bia mi gbe aɖe gbe be nu ka ta kpe siawo le afi sia ɖo, eye nu ka fiam wole hã la, 22 miagblɔ na wo be kpe siawo le ŋku ɖom nukunu gã si dzɔ esime Israel dukɔ la zɔ ƒuƒuiƒe hetso Yɔdan tɔsisi la dzi! 23 Migblɔ ale si Yehowa, míaƒe Mawu la na tɔsisi la mie le mía ŋkume, eye wòna wònɔ miemie nenema va se ɖe esime mí katã míetso tɔsisi la! Nenema tututue Yehowa wɔ na mi esi mieva ɖo Ƒu Dzĩ la to ƒe blaene nye esi va yi! 24 Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”