8
Israelviwo xɔ Ai, eye wotsrɔ̃e
Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò o. Kplɔ aʋakɔ blibo la yi Ai, elabena ɣeyiɣi la de na mi azɔ be miaɖu Ai dzi. Metsɔ Ai fia kple eƒe ameawo katã de asi na mi. Miatsrɔ̃ wo abe ale si mietsrɔ̃ Yeriko kple woƒe fia ene. Ke azɔ ya la, miate ŋu atsɔ woƒe nuwo kple woƒe nyi siwo mieha la woazu mia tɔ. Na ameawo nade xa ɖe dua godo.”
Ale Yosua dzra ɖo hena aʋahoho ɖe Ai ŋu kple eƒe aʋawɔlawo katã. Etia eƒe asrafo nyuitɔwo akpe blaetɔ̃ ɖo ɖa le zã me; egblɔ na wo do ŋgɔ be, “Mide xa ɖe dua ƒe akpa kemɛ, migade megbe tso dua ŋu fũu o, eye minɔ ŋudzɔ na wo dzi dzedze.”
Egagblɔ na wo be, “Ne míaƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa ɖe Aitɔwo ŋu la, Aitɔwo ado go ava kpe mí na aʋawɔwɔ abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene. Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’ Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí. Mitɔ dzo dua abe ale si Yehowa ɖo na mí ene. Esiawoe nye nye ɖoɖowo na mi.”
Ale wodze mɔ zã ma me yi ɖade xa ɖe Betel kple Ai ƒe ɣetoɖoƒe gome, le esime Yosua kple aʋawɔla bubuawo tsi asaɖa la me le Yeriko. 10 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua yɔ aʋawɔlawo, eye woawo kple Israel ƒe ametsitsiwo ɖo ta Ai. 11 Yosua kple aʋawɔla siwo nɔ eŋu la yi ɖe dua ƒe agbo gãtɔ gbɔ, woƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe lɔƒo, eye balime aɖe nɔ asaɖa la kple Ai du la dome. 12 Eɣla ame abe akpe atɔ̃ ene ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, le Betel kple Ai dome. 13 Woɖo asrafoawo ɖe aʋawɔwɔ ŋu, ame geɖewo nɔ dua ƒe anyiehe lɔƒo, eye mamlɛawo nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Yosua tsi balime la le zã ma me.
14 Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o. 15 Yosua kple eƒe Israelviwo si to gbegbe la abe ɖe nugbe menyo na wo o ene. 16 Ale Ai fia ɖe gbe na eƒe asrafo siwo katã nɔ dua me la be woati Israelviwo yome. Ale dutaʋlilawo vɔ le dua me; 17 asrafo aɖeke kura meganɔ Ai alo Betel o. Gawu la, woʋu Ai ƒe agbowo da ɖi siãa.
18 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ wò akplɔ do ɖe Ai lɔƒo, elabena matsɔ du la ana wò.” Yosua wɔ nenema. 19 Esi xadelawo kpɔ Yosua ƒe dzesia ko la, wolũ ɖe dua dzi, ge ɖe eme eye wotɔ dzoe. 20 Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ. 21 Yosua kple Israelviwo katã kpɔ be yewoƒe amewo xɔ dua, eye wotɔ dzoe, eya ta wotrɔ hede asi Aitɔwo wuwu me. 22 Israelvi siwo nɔ Ai dua me la do go tso dua me, eye wode asi Aitɔwo wuwu me tso megbe. Ale Aitɔwo tsi Israelviwo dome, eye wowu wo katã, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe alo si o, 23 negbe Ai fia, ame si wolé kplɔ vɛ na Yosua.
24 Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo nɔ dua godo vɔ la, wotrɔ yi dua me, eye wowu ame siwo katã ganɔ dua me. 25 Ale wowu ame akpe wuieve (12,000) siwo nye Aitɔwo katã la gbe ma gbe. 26 Yosua lé eƒe akplɔ do ɖe Ai du la gbɔ va se ɖe esime wowu Aitɔ mamlɛa. 27 Aitɔwo ƒe lãwo kple kesinɔnuwo ko wometsrɔ̃ o, elabena Israelviwo ƒe aʋawɔlawo tsɔ wo na wo ɖokuiwo. Yehowa ŋutɔe gblɔe na Yosua be woate ŋu atsɔ wo. 28 Ale Ai trɔ zu gli gbagbã siwo woli kɔe ɖi va se ɖe egbe.
29 Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe.
Wogbugbɔ nubabla la wɔ le Ebal to la gbɔ
30 Le esia megbe la, Yosua tu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ɖe Ebal to la gbɔ 31 abe ale si Mose, Yehowa ƒe dɔla ɖo na Israelviwo be woawɔ ene. Etui abe ale si woŋlɔe ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me ene be, “Tsɔ kpe siwo womegbã alo kpa o la tu vɔsamlekpui nam.” Yehowa gblɔ nya sia tso Ebal to la ŋuti. Nunɔlawo sa numevɔ kple ŋutifafavɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. 32 Yosua ŋlɔ Mose ƒe Se Ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe kpeawo dzi le Israelviwo ŋkume.
33 Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene. 34 Yosua xlẽ yayranya kple fiƒodenya siwo katã Mose ŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Segbalẽ la me la na wo. 35 Exlẽ se siwo katã Mose de na wo kpɔ la hã na ameha blibo la, si me nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo nɔ Israelviwo dome la hã nɔ.