21
Israelviwo gbã Arad
Arad fia, tso Kanaanyigba dzi ƒe ŋkutsalawo to mɔ ɖeka kple Israelviwo. Esi Arad fia se be Israelviwo to Atarim mɔ gbɔna la, eho aʋa ɖe Israelviwo ŋu, eye wòɖe aboyo woƒe ame aɖewo. Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu. Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.”
Akɔblida la
Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ. Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.”
Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku. Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta.
Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!” Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.
Mɔzɔzɔ yi Moab
10 Israelviwo tso afi sia yi Obot. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. 11 Tso Obot la, woyi Iye Abarim le gbedzi afi si te ɖe Moab ƒe ɣedzeƒe ŋu. 12 Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime. 13 Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome. 14 Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be,
Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la, 15 tɔʋu la me tsi,
si ɖo ta Ar nutowo me
eye wòdo liƒo na Moabtɔwo.
16 Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.”
17 Israel dzi ha be,
“Dzi tsi, O vudo!
Midzi ha tso tsi la ŋu!
18 Esiae nye vudo si amegãwo
kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ
woƒe atikplɔwo
kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.”
Wodzo le gbegbe la, 19 eye woto Matana, Nahaliel kple Bamot, 20 eye woyi balime si le Moab ƒe togbɛwo te, afi si gbegbe la kple Pisga to dzena le tso adzɔge.
21 Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ.
22 Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.”
23 Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz. 24 Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo. 25 Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme. 26 Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon.
27 Eya ta hakpala la gblɔ be,
“Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu,
na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te.
 
28 “Elabena dzo do tso Hesbon,
dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me.
Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo,
29 baba na wò, O Moab!
Wotsrɔ̃ mi, Kemostɔwo!
Ena via ŋutsuwo zu sisilawo,
eye via nyɔnuwo zu aboyomewo
na Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia.
 
30 “Ke míawo míeɖu wo dzi
wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon
míegbã wo yi keke Nofa,
yi kekeke Medeba.”
31 Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi.
32 Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi. 33 Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei.
34 Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.”
35 Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la.