25
Israel ŋutsuwo dze Moab nyɔnuwo yome
Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo. Ɖetugbi siawo kplɔa wo yia woƒe mawuwo ƒe vɔsawo teƒewo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ɖekakpuiawo megadea vɔsawo teƒewo ɖeɖe ko o, ke boŋ wodea ta agu na woƒe legbawo. Sẽe kple sẽe ko la, Israelviwo katã de asi Moabtɔwo ƒe mawu, Baal Peor subɔsubɔ me. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israelviwo ŋu.
Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.”
Ale Mose ɖe gbe na Israel ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ame siwo katã subɔ Baal Peor.
Gbe ɖeka la, Israel ŋutsu aɖe kplɔ Midian ɖetugbi aɖe amemabumabutɔe va asaɖa la me le Mose kple ameawo katã ŋkume, esime wonɔ avi fam le Agbadɔ la ƒe ʋɔtru nu. Esi Finehas, nunɔla Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi kpɔ nu sia la, etso zia, tsɔ akplɔ, ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo.
10 Yehowa gblɔ na Mose be, 11 “Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu kple nunɔla Aron ƒe tɔgbuiyɔvi na nye dɔmedzoe nu tso, elabena eya hã do dɔmedzoe abe nye ke ene le nye bubu ta. Eya ta nyemagatsrɔ̃ Israel blibo la abe ale si meɖo ene o. 12 Eya ta gblɔ nɛ be, mele nye ŋutifafa ƒe nubabla wɔm kplii. 13 Eya kple eƒe dzidzimeviwo anɔ nubabla me kplim tso nunɔladɔwɔwɔ tegbetegbe ŋu, elabena etsi dzi ɖe eƒe Mawu ƒe bubu ŋu ele wòlé avu ɖe Israelviwo nu.”
14 Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu. 15 Ɖetugbi la ŋkɔe nye Kozbi si nye Zur, Midiantɔwo ƒe fiavi aɖe ƒe vinyɔnu.
16 Yehowa gblɔ na Mose be, 17 “Miwɔ Midiantɔwo abe miaƒe futɔwo ene, eye miawu wo, 18 elabena wole mia tsrɔ̃m kple woƒe nu vɔ̃wo. Wona miele Baal subɔm, eye wona miele mɔ tram hele dɔvɔ̃ lém abe ale si miekpɔe fifi laa to Kozbi ƒe ku me ene.”