34
Kanaan ƒe liƒowo
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:
 
“ ‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la, ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon. Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la.
Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta.
Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ. Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la.
10 Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam 11 kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu. 12 Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu.
 
“ ‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’ ”
 
13 Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome, 14 elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo. 15 To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.”
16 Yehowa gblɔ na Mose be, 17 “Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu, 18 eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me.
 
19 “Ame siawoe nye:
 
“Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me,
20 Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me,
21 Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,
22 Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,
23 Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me,
24 Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me,
25 Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me,
26 Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me,
27 Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,
28 Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”
 
29 Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo.