9
Ŋutitotoŋkekenyui la ŋuti sewo
Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be, “Na Israelviwo naɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le eƒe ɣeyiɣi la dzi. Miɖui le eƒe ɣeyiɣi la dzi, le fiẽ, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia gbe le eƒe sewo kple ɖoɖowo katã nu.”
Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.
Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe, eye wogblɔ na Mose be, “Míegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku aɖe ta, ke nu ka ta woaxe mɔ na mí be míatsɔ Yehowa ƒe vɔsa vɛ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o?”
Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti.
Yehowa ƒe nyametsotsoe nye: 10 “Ne Israelviwo dometɔ siwo li fifia alo siwo anɔ dzidzime siwo ava va me la gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ɣeyiɣi me, to asikaka ame kuku aɖe ŋu me, alo ne wozɔ mɔ, eye womate ŋu anɔ wo nɔviwo dome o la, ele be woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kokoko. Woawo aɖui le ɣleti ɖeka megbe, 11 le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Woadze ŋkekenyui la ɖuɖu gɔme tso gbe ma gbe ƒe fiẽ. Woaɖu alẽvi la ɣe ma ɣi kple abolo maʋamaʋã kple amagbe veve. 12 Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ.
13 “Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi. 14 Ne amedzro aɖe le mia dome, eye wòdi be yeaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la na Yehowa la, ele nɛ be wòawɔ Ŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ. Se ɖeka koe li na ame sia ame.”
Lilikpo si le agbadɔ la tame
15 Le gbe si gbe wotu agbadɔ la la, lilikpo la tsyɔ edzi. Le gbe ma gbe ƒe fiẽ la, lilikpo la trɔ hedze abe dzo bibi ene. Enɔ nenema le zã blibo la me. 16 Aleae wònɔna azɔ: enyea lilikpo le ŋkeke me eye wòdzena abe dzo bibi ene le zã me. 17 Ne lilikpo la ho la, Israelviwo dzea mɔ, ɖea zɔ va se ɖe afi si lilikpo la natɔ ɖo, eye woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma. 18 Wozɔ mɔ alea le Yehowa ƒe kpɔkplɔ te. Wotɔna ɖe afi si Yehowa ɖo na wo be woatɔ ɖo. Wonɔa afi ma ɣeyiɣi si lilikpo la tɔ ɖe afi ma. 19 Ne enɔ anyi wòdidi la, woawo hã wonɔa anyi ɣeyiɣi didi ma ke. Ke ne enɔ anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko la, ekema Israelviwo hã wonɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, elabena nenemae Yehowa ɖo na wo. 20 Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa asaɖa la tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woatsi asaɖa la me, eye le eƒe gbeɖeɖe nu la, woadze mɔ. 21 Ɣe aɖewo ɣi la, lilikpo la nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, eye ne eho le ŋdi la, wodzea mɔ. Nenye le ŋkeke me alo zã me, ɣe sia ɣi si lilikpo la ho ko la, wodzea mɔ. 22 Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ. 23 Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, woƒua asaɖa anyi, eye le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, wodzea mɔ. Wowɔa Yehowa ƒe gbe dzi le se si wòde to Mose dzi la nu.