Psalmo 104
O! Luʋɔnye, kafu Yehowa.
 
O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo;
èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye.
 
Etsyɔ kekeli abe avɔ ene,
ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,
eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo
ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi.
Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam,
eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.
Yae nye eƒe dɔtsɔlawo,
eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo.
 
Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi,
eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o.
Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene,
eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame.
Ke esi nèblu la, tsiawo si,
eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ.
Wosi to towo tame,
heva to balimewo, va ɖo teƒe si nètia na wo la.
Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo,
eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o.
 
10 Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me,
eye wosi to towo dome.
11 Wonaa tsi gbemelãwo,
eye wotsia gbetedziwo ƒe tsikɔwuame nu.
12 Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to,
eye wodzia ha le atilɔwo dzi.
13 Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me;
eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.
14 Ena gbe mie na nyihawo,
eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa,
ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo;
15 wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi,
ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm
kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.
16 Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie,
Lebanon ƒe sedati siwo wòdo.
17 Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo,
eye aŋɔɣi wɔ eƒe nɔƒe ɖe gbotiwo me.
18 To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ,
eye agakpewo tome zu bebeƒe na hlɔ̃madɛwo.
 
19 Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome,
eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to.
20 Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã
le ave me la doa go.
21 Dzatawo ɖea gbe na nuléle,
eye wodia woƒe nuɖuɖu tso Mawu gbɔ.
22 Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me.
23 Tete ame do go yi dɔ me,
yi ɖe eƒe dɔ gbɔ va se ɖe fiẽ.
 
24 O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo!
Èwɔ wo katã le nunya deto me,
anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.
25 Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke,
lã siwo mele xexlẽme o la yɔe,
nenema kee nye nu gbagbe bubuwo hã,
suewo kple gãwo siaa.
26 Meliwo zɔa edzi yina,
gagbɔna, eye afii mae boso si nèwɔ la hã le.
 
27 Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be
nàna nuɖuɖu yewo le wo naɣi.
28 Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu;
eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo.
29 Ke ne èɣla wò mo la,
ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la,
wokuna, trɔna zua kewɔ.
30 Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la,
wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee.
 
31 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nenɔ anyi tegbee.
Yehowa nekpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu,
32 eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya;
eya ame si ka asi towo ŋu, eye wotu dzudzɔ.
 
33 Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me,
eye zi ale si mele agbe la,
madzi kafukafuha na nye Mawu la.
34 Nye ŋugbledede nedze eŋu,
esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.
35 Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi,
eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o.
 
O! Luʋɔnye, kafu Yehowa.
 
Mikafu Yehowa.