Psalmo 12
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu.
Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o,
eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome.
Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi,
eye wovivia nu me,
elabena woƒe nuyiwo blea ame.
 
Yehowa nelã beblenuyiwo katã
kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi
hegblɔna be, “Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo,
míaƒe nuyiwo nye mía tɔ,
ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?”
 
Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to,
eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ.
Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”
Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o,
wole abe klosalo si wololo le anyikpo me,
eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.
 
Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me,
eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome.
O! Yehowa, àna míanɔ dedie,
eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.