Psalmo 133
David ƒe Mɔzɔha.
Aleke wohenyo, eye wòvivinae,
ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!
 
Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me,
eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene,
ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe
eƒe awu ƒe kɔme.
Ele abe Hermon zãmue
le dzadzam ɖe Zion to dzi ene,
elabena afi mae Yehowa kɔ yayra
kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.